Bible App logo
Search Icon

Yesaya 28

28
Dzigbeme Fiaɖuƒe la nakpɔ nyuie
1Baba na dziɖula ahamula siwo dàna le Efrayim
kple eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si ɖi golo la.
Baba na ahamula siwo le to dzi
le bali wɔnu tame.
2Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako
tso Aƒetɔ la gbɔ gbɔna.
Ava abe tsikpe ƒe dzadza
kple ahom si gblẽa nu ene.
Atsɔ ŋusẽ aƒoe aƒu anyi,
abe tsie ɖɔ gbagba ɖe anyi ene.
3Woafanya ahamula si le Efrayim la
ƒe dàdafiakuku kple afɔ.
4Ava eme be eƒe atsyɔ̃seƒoƒo dzeani si ɖi golo,
eye wòle to dzi
le bali wɔnu tame la,
anɔ abe gbotsetse si ɖi gbã
hafi dzomeŋɔli ɖo ene.
Ame si kpɔe la,
aɖui alɔ tsɔtsɔe.
5Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
anye atsyɔ̃kuku kple ŋgonublanu dzeani
na eƒe dukɔ si susɔ.
6Ana ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe gbɔgbɔ ʋɔnudrɔ̃la,
eye wòana ŋusẽ ame siwo nyàa futɔwo,
trɔa aʋa ɖo ɖe megbe le dua ƒe agbo nu.
Yesaya kple gbeƒãɖela ahamulawo tso Yuda
7Ke ame siawo hã no wain mu,
eye wono aha sesẽ le yiyim sagasaga.
Nunɔla kple Mawu ƒe gbeƒãɖela siaa
no aha sesẽ mu.
Wain tɔtɔ wo,
eye aha sesẽ mu wo
wole yiyim sagasaga.
Woda ƒú le ŋutegakpɔkpɔ me,
eye woƒe nyametsotso tro.
8Elabe wotru kɔ ɖe kplɔ̃awo katã dzi nyamaa,
teƒe aɖeke megali o;
afi sia afi le ŋu nyɔm.
9“Ame kae wòle nunya fia gee,
eye ame kae wòle gbedeasi la gɔme ɖe ge na?
Ɖevi si ɖi no ye loo,
alo esi wotso no na la yea?
10Elabe egblɔ be:
Se ɖe se dzi; se ɖe se dzie.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu; ɖoɖo ɖe ɖoɖo nue.
Afii ʋɛ; afi mɛ ʋɛ.”
11 # Kor I, 14.21. Le nyateƒe me la, Aƒetɔ atsɔ
gbe bubu gblɔlawo ƒe gbe
kple ame siwo kɔkɔna ƒe aɖe aƒo nu
na dukɔ sia.
12Egblɔ na wo be:
“Dzudzɔ nye esi,
migbɔ ɖe eme, mi ame siwo ŋu ɖeɖi te,
miɖi ɖe eme!”
Ke wogbe nusese.
13Eya ta Aƒetɔ ƒe nya ava eme
ɖe wo ŋu be:
Se ɖe se dzi; se ɖe se dzie.
Ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu; ɖoɖo ɖe ɖoɖo nue.
Afii ʋɛ, afi mɛ ʋɛ.
Awɔ be woazɔ megbemegbee
adze anyi,
eye woagbã gudugudu.
Mɔ̀ aɖe wo,
eye asi asu wo dzi.
Dzogoedzikpe na Zion
14Eya ta mi fewuɖula
siwo le dukɔ sia dzi ɖum le Yerusalem,
mise Aƒetɔ ƒe gbe:
15 # Nya 1.16; Sir 14.12. Elabe miegblɔ be: “Míebla nu kple ku,
eye míenyi dzo kple tsiẽƒe.
Ameƒoti si le nyenyem le yiyim la
maɖo mía gbɔ o,
elabe míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee,
eye míebè ɖe alakpa gbɔ.”
16 # Ps 118.22, 23; Rom 9.33; 10.11; Pet I, 2.6. Eya ta Aƒetɔ Mawu be:
“Kpɔ ɖa, mele gɔmeɖokpe aɖe ɖom anyi ɖe Zion;
kpe si wodo kpɔ, dzogoedzikpe xɔasi,
gɔmeɖoɖo si li ke zã.
‘Ame si xɔe se la,
matsi dzi o’.
17Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe awɔ dzidzekae,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anye glidzidzenu.
Tsikpe atsrɔ̃ aʋatsositsoƒe la,
eye tsi akplɔ beɖoƒe la adzoe.”
18Ekema mia kple ku ƒe nubabla me agblẽ,
eye mia kple tsiẽƒe ƒe dzonyinyi la hã mali ke o.
Ameƒoti si le nyenyem le yiyim la,
agbã mi gudugudu.
19Ne eva le yiyim la,
eƒe asi axe mi kã,
elabe ava yi ŋdi sia ŋdi
le ŋkeke me kple zã me,
eye eƒe ŋɔdzi ɖeɖe ana
miase nyawo gɔme.
20Elabe aba anɔ kpuie ale be
afɔdadra manɔ anyi o.
Avɔ tsyɔtsyɔ malolo
ne woaxatsa ame ɖokui ɖe eme o.
21 # Sam II, 5.20; Kron I, 14.11; Yos 10.10-12. Elabe Aƒetɔ akɔ eɖokui ɖe dzi
abe ale si wòwɔe
le Perazim-to la gbɔ ene.
Anyra abe ale si wònyrae
le Gibeon-bali me la ene;
ne wòawɔ eƒe dɔ,
dɔ tɔxɛ ye nye eƒe dɔ la;
ne wòawɔ eƒe nuwɔna,
nukunue nye eƒe nuwɔna la.
22Azɔ la, megaɖi kokoe na mi,
ne woava bla mi sesĩe goŋgoŋ wu o.
Elabe mese Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la
ɖoe kplikpaa
be yeatsrɔ̃ anyigba blibo la.
Mawu ƒe nunya
23Miɖo to,
ne miase nye gbe.
Milé to ɖe nye nyawo ŋu nyuie.
24Ðe agbledela nɔa nuŋɔŋlɔ dzi ɖaa
be wòaƒã nua?
Ɖe wòdzraa anyigba ɖo
hedzobonɛ ɖaa?
25Alo ne edzobo anyigba vɔ,
ɖe mewua ahaliwɔe kple pepre
ɖe eme, heƒãa lu kple ƒo ɖe fli me,
eye woƒãa bli ɖe liƒo dzi oa?
26Eƒe Mawu fia nui,
eye wòdae ɖe mɔ nyuitɔ dzi.
27Elabe menye luƒotasiaɖam
wotsɔna ƒoa ahaliwɔe o,
eye womemlia tasiaɖamfɔ
toa pepre dzi o;
ke boŋ kpo sue wotsɔna ƒoa ahaliwɔe,
eye ati sue wotsɔna ƒoa pepree.
28Ɖe wotua lu tsɔna ƒoa aboloe;
ke wometonɛ ɖaa o.
Ne tasiaɖam kple sɔwo zɔ edzi hã la,
metua wɔ o.
29Esia hã Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
gbɔe wòtso.
Enye ame si dea adaŋu nukutɔe,
eye nunya deto le esi.

Currently Selected:

Yesaya 28: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in