Bible App logo
Search Icon

Yesaya 26

26
Mawu ana eƒe dukɔ la naɖu dzi
1Ɣe ma ɣi la, woadzi ha sia
le Yuda-nyigba dzi be:
“Du sesẽ aɖe le mía si!
Exɔna na ame abe gli kple kpɔ sesẽ ene.
2Miʋu agboawo
be dukɔ dzɔdzɔe, nuteƒewɔla la nage ɖe eme.
3Ame si ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la,
ènana be wòkpɔa ŋutifafa blibo
elabe eɖoa dzi ɖe ŋuwò.
4Ka ɖe Aƒetɔ dzi tegbee
elabe Aƒetɔ, ẽ, Aƒetɔ nye agakpe si li tegbee.
5Elabe ebɔbɔ kɔkɔƒenɔlawo ɖe anyi;
eɖiɖi du kɔkɔ la ɖe anyi;
emui ƒu anyi,
eye wòtsɔe ƒu ʋuʋudedi me.
6Ezu afɔɖodzinu
na ame dahewo kple hiãtɔwo be woafanyae.”
7Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le tẽe.
Wò Dzɔdzɔetɔ lae wɔe
be ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi sɔ.
8Aƒetɔ, míekpɔ mɔ na wò
le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe mɔ dzi.
Wò ŋkɔ mavɔ kple bubudede wò ŋkɔ ŋu
dim míaƒe luʋɔwo le.
9Nye luʋɔ dia wò le zã me,
eye nye gbɔgbɔ dia wò vevie tso ememe ke.
Ne wò nyametsotso va anyigba dzi la,
xexea me tɔwo srɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
10Ne wove ame vɔ̃ɖi nu la,
mesrɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ o;
ke ewɔa nuvɔ̃ɖi
le ame dzɔdzɔewo dome le anyigba dzi.
Medzea si Aƒetɔ ƒe gãnyenye o.
11 # Heb 10.27. Aƒetɔ, wò alɔ le dzi,
ke womele ekpɔm o.
Na woakpɔ ale si nètsɔa dzo
ɖe wò dukɔ ŋui la ɖa,
ne ŋu nakpe wo vevie.
Na dzo nafiã wò ketɔwo.
12Aƒetɔ, àna ŋutifafa mí
elabe èxɔ míaƒe dɔwo katã ƒu akɔ
hewu wo nu na mí.
13Aƒetɔ, mía Mawu,
aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpɔ kpe ɖe ŋuwò.
Ke wò ɖeɖe kple wò ŋkɔ
ko míakafu.
14Ne ame ku la,
megagbɔa agbe o,
eye ame kuku mefɔna o,
elabe èhe to na wo hetsrɔ̃ wo,
eye nètutu woƒe ŋkɔ ɖa.
15Gake Aƒetɔ, èna wò dukɔ la dzi ɖe edzi.
Èna dukɔ la keke ta.
Ède bubu ɖokuiwò ŋu,
eye èkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe enu.
16Aƒetɔ, le xaxa me la, wodi wò
kpekpeɖeŋu.
Ne èhe to na wo la,
wodoa gbe ɖa na wò.
17Ale si funɔ léa ku, doa ɣli
ne eƒe vidziɣi ɖo la,
Aƒetɔ, nenemae míenɔ le ŋkuwò me.
18Míefɔ fu, fu ɖu mí,
eye míedzi vi baa;
ke ya ko wònye míedzi.
Míeɖe vi na anyigba la o,
elabe ame medzɔ ɖe xexea me o.
19Wò ame kukuwo agbɔ agbe!
Woƒe ŋutilãwo afɔ.
Mi ame siwo le ʋuʋudedi me, minyɔ
ne miadzi dzidzɔha.
Elabe wò zãmu nye kekeli ƒe ahũ.
Àna wòadza ɖe anyigba si dzi
vɔvɔli do ɖo la dzi.
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu, agbugbɔ nuwo aɖɔ ɖo
20Nye dukɔ, miva,
mige ɖe miaƒe xɔgãwo me
ne miado ʋɔ ɖe mia ɖokui nu.
Mibè vie, se ɖe esime dziku la nu nayi.
21Kpɔ ɖa, Aƒetɔ do tso enɔƒe gbɔna
be wòahe to na anyigbadzitɔwo
ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta.
Anyigba aklo nu ɖa
le ʋu si wokɔ ɖe edzi la dzi,
eye magate ŋu aɣla ame
siwo wowu ɖe edzi la o.

Currently Selected:

Yesaya 26: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in