Bible App logo
Search Icon

Yesaya 25

25
1Aƒetɔ, nye Mawue nènye.
Mado wò ɖe dzi,
eye makafu wò ŋkɔ.
Elabe èwɔ nukunuwo.
Ɖoɖo siwo nèwɔ gbe aɖe gbe ke la,
kakaɖedzi le wo ŋu;
mètrɔ ɖeke o.
2Elabe èna du la zu glikpo,
eye nègbã eƒe mɔ́ sesẽwo.
Amedzrowo ƒe fiasã megali o;
womagatui akpɔ gbeɖe o.
3Eya ta dukɔ sesẽwo akafu wò,
eye dukɔ wɔadãwo avɔ̃ wò.
4Elabe mɔ́ sesẽ nènye na ame beliwo,
sitsoƒe na hiãtɔwo le xaxa me,
beɖoƒe le dziya nu
kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu nu.
Ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe
le abe ale si yatsi ƒoa glie ene.
5Ète amedzrowo ƒe nyanyra ɖe to,
abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene,
eye nètsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsotso nu,
abe ale si vɔvɔli nana be anyinu fana
le ŋdɔkutsu nu ene.
Mawu ɖo nuɖukplɔ̃
6Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe na dukɔwo katã le to sia dzi. Nuɖuɖu viviwo kple wain si woda ɖi eteƒe didi; nuɖuɖu vivi siwo me ƒutomemi le kple wain siwo nɔ anyi dedie, eye wo me dza la. 7Le to sia dzi la, aklo nu si wotsyɔ dukɔwo katã dzi kple motsyɔnu si wokeke ɖe dukɔwo katã dzi la ɖa. 8#Kor I, 15.54; Nyaɖ 7.17; 21.4. Atsrɔ̃ ku Saɖagatsi ɖa tegbee. Ekema Aƒetɔ Mawu atutu aɖatsi ɖa le mo na ame sia ame, eye wòaɖe etɔwo ƒe ŋukpe ɖa le xexea me godoo. Aƒetɔ lae gblɔe.
9Woagblɔ gbe ma gbe be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu lae nye esi. Eyae míekpɔ mɔ na be axɔ na mí. Eyae nye Aƒetɔ si míekpɔ mɔ na. Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ta.”
Mawu ahe to na Moab
10 # Yes 15.1—16.14; Yer 48.1-47; Xez 25.8-11; Amos 2.1-3; Zef 2.8-11. Elabe Aƒetɔ ƒe asi anɔ to sia dzi; ke afanya Moab ɖe enɔƒe abe ale si wofanyaa nutsro ɖe aɖukpo dzi ene. 11Akeke abɔ me abe tsiƒula ene, eye wòate eƒe dàda kple eƒe asi siwo wɔa nu ayetɔe la ɖe to. 12Amu eƒe gli kɔkɔ sesẽawo ƒu anyi, eye wòana woazu kewɔ ɖe anyigba.

Currently Selected:

Yesaya 25: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in