Bible App logo
Search Icon

Yesaya 24

24
Aƒetɔ ahe to na anyigba la
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ agblẽ anyigba;
ana wòaɖi gbɔlo.
Atrɔ eŋkume abu anyi,
eye wòaka edzinɔlawo ahlẽ.
2Anɔ na dukɔmetɔ abe nunɔla ene,
dɔlaŋutsu abe aƒetɔ ene,
dɔlanyɔnu abe aƒenɔ ene,
nuƒlela abe nudzrala ene,
agbanatɔ abe nugbanadola ene,
fenyila abe fetɔ ene.
3Woagblẽ anyigba
wòaɖi gbɔlo ƒiaƒiaƒia;
woahae keŋkeŋ.
Aƒetɔ ye gblɔ nya sia.
4Anyigba le nu xam,
eye wòyrɔ;
nu te xexea me ŋu,
eye wòle dɔ̃ɔ.
Xexemebubumewo le konyi fam.
5Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba
to edzinɔlawo dzi,
elabe woda seawo dzi.
Womewɔ ɖe ɖoɖoawo nu o,
eye wotu nubabla mavɔ la.
6Eya ta fiƒode le anyigba ŋu ɖim,
eye edzinɔlawo le fu kpem ɖe woƒe fɔɖiɖi ta.
Eya ta, anyigbadzitɔwo afiã keŋkeŋ,
eye gbetɔ ʋɛ aɖe ko asusɔ.
7Wain yeye ano ƒiaƒiaƒia,
wainka ayrɔ,
dzidzɔkpɔlawo katã aɖe hũ.
8Asiʋuiwo ƒe vivisese nu tso;
dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ nu tsi,
eye kasaŋkuwo ƒe vivisese
hã nu tso.
9Womagadzi ha ɖe wain nono ŋu o,
eye aha muame ave le nu me na enolawo.
10Wogbã du ɖigbɔlo la,
aƒe ɖe sia ɖe ƒe ʋɔwo le tutu;
womagate ŋu age ɖe wo me o.
11Wole konyi fam le ablɔwo me
be wain vɔ;
dzidzɔkpɔkpɔwo katã nu yi,
vivisese bu le anyigba dzi.
12Du la zu aƒedo,
eye wogbã agboawo wokaka keŋkeŋ.
13Elabe alea ye wòava nɔ
le anyigba dzi dukɔwo dome.
Anɔ abe ale si woʋuʋua amiti,
eye woxaa nu mamlɛtɔ,
ne wainxaxa nu va yi lae ene.
14Wokɔ woƒe gbe dzi
dzi ha kple dzidzɔ.
Wodo ɣli tso ɣetoɖoƒe
ɖe Aƒetɔ ƒe gãnyenye fia.
15Eya ta mikafu Aƒetɔ le ɣedzeƒe;
mikafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋkɔ le ƒukpowo dzi!
16Míese kafukafu kple bubu hawo
tso anyigba ƒe mlɔenuwo
na Dzɔdzɔetɔ la.
Ke nye ya megblɔ be:
“Baba nam! Baba nam!
Medɔ̃! Elabe
amegɔmezɔlawo le ame gɔme zɔm.
Amegɔmezɔlawo le ame gɔme zɔm vevie.”
17Wò anyigbadzinɔla, ŋɔdzi, ʋe
kple mɔ̀ka le lalawòm.
18Ame si se ŋɔdzi ŋkɔ hesí la,
age adze ʋe me;
ame si do le ʋe me la,
mɔ̀ aɖee.
Elabe woʋu dziƒofesrewo,
eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo dzo kpèkpekpe.
19Anyigba fé, wó,
ele ʋuʋum keɖekeɖe.
20Anyigba le ya mum
abe ahamula ene,
eye wòle nyenyem
abe agblexɔe le ya nu ene.
Elabe eƒe dzidadawo zu agba nɛ.
Edze anyi; magafɔ o.
21Gbe ma gbe la, Aƒetɔ ahe to
na dziƒoʋakɔwo le dziƒo
kple anyigba dzi fiawo le anyigba dzi.
22Woaƒo fiawo katã nu ƒu
abe gamenɔlawo ene ɖe do me.
Woatu wo ɖe gaxɔ me ɖe afi ma,
eye le ŋkeke geɖe megbe la,
woahe to na wo.
23Ekema ɣleti ƒe nu aku,
eye ŋukpe alé ɣe
elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖu fia
le Zion-to la dzi kple Yerusalem,
eye wòaɖe eƒe ŋutikɔkɔe afia eƒe ame tsitsiwo.

Currently Selected:

Yesaya 24: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in