Bible App logo
Search Icon

Yesaya 23

23
Gbedeasi tso Foenisia ŋu
1 # Xez 26.1—28.19; Yoel 3.4-8; Amos 1.9, 10; Zax 9.1-4; Mat 11.21, 22; Luk 10.13, 14. Gbedeasi tso Tiro ŋu.
Ao, mi Tarsis-tɔdziʋuwo, mifa konyi
elabe Tiro zu aƒedo,
eye aƒe alo ʋudzeƒemɔ aɖeke megali o.
Woɖee fia wo le Kipro-nyigba dzi.
2Mi ƒutatɔwo kple Sidon-sitsalawo,
mi ame siwo zɔa atsiaƒu dzi,
mizi ɖoɖoe kpoo!
3Mi ame siwo to ƒu, ƒuwo dzi,
hetsɔ Sixor ƒe nukuwo
kple Nil ƒe agblemenuwo va eme,
eye wòzu dukɔwo ƒe asiɖiƒe.
4Sidon, ŋu nekpe wò
elabe atsiaƒu ƒo nu,
atsiaƒu ƒe mɔ́ sesẽ le gbɔgblɔm be:
“Fu meɖum o;
nyemedzi vi o,
nyemenyi ɖekakpui kple ɖetugbiwo
wotsi o.”
5Ne Egiptetɔwo see la,
woaxa nu le nu si wose
tso Tiro ŋu la ta.
6Mi ƒutatɔwo, miyi Tarsis
ne miafa konyi.
7Miaƒe dzidzɔdu si dzɔ
tso blema ke lae nye esia?
Eƒe afɔ kplɔe yi didiƒe
wòɖatsi afi ma.
8Ame kae ɖo nu sia ɖe Tiro
si ɖɔa fiakuku na ame la ŋu?
Eƒe asitsalawo nye amegãwo,
eye eƒe adzɔdolawo nye ame ŋkutawo le anyigba dzi.
9Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae ɖoe
be yeado ŋukpe dàdatsyɔ̃ɖoɖowo katã,
eye yeaɖe bubu le ame ŋkutawo ŋu
le anyigba dzi.
10Wò Tarsis vinyɔnu, ɖɔ nàgbã go
ɖe wò anyigba dzi
abe Nil-tɔsisi ene;
ame aɖeke maxe mɔ na wò o.
11Eyae do asi ɖe atsiaƒu dzi,
eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo.
Aƒetɔ ɖe gbe ɖe Kanaan ŋu
be wonegbã eƒe mɔ́ sesẽwo.
12Egblɔ be:
“Wò Sidon-ɖetugbi, wogblẽ wò,
màgakpɔ dzidzɔ azɔ o.
Tso nàyi Kipro,
afi ma gɔ̃ hã màkpɔ gbɔdzɔe o.”
13Kpɔ Kaldeatɔwo ƒe anyigba la ɖa! Ame mawo menye dukɔ tsã o. Asiriatɔwoe wɔ wo wozu dukɔ. Woawo kee wɔ Tiro wòzu gbemelãwo nɔƒe. Wotu xɔ tsralawo, gbã eƒe fiasãwo hegblẽe wozu glikpo.
14Mi Tarsis-tɔdziʋuwo, mifa konyi
elabe wogbã miaƒe mɔ́ sesẽ la.
15Ava eme le ɣe ma ɣi, be woaŋlɔ Tiro-dua be ƒè bla adrẽ sɔŋ abe fia aɖe ƒe agbenɔɣi ene. Ke le ƒè bla adrẽa megbe la, Tiro-dua anɔ abe gbolo si le ha sia me la ene be:
16“Wò gbolo si woŋlɔ be,
tsɔ kasaŋku nàtsa le dua me godoo.
Ƒo ha viviwo;
dzi ha geɖewo
ne woagaɖo ŋku dziwò!”
17Le ƒè bla adrẽ megbe la, Aƒetɔ ava kpɔ Tiro ɖa. Tiro agatrɔ ɖe eƒe gbolowɔwɔ ŋu, eye wòagawɔ gbolo kple anyigba dzi fiaɖuƒe siwo katã le xexea me. 18Ke woatsɔ eƒe viɖe kple gboloho asubɔ Aƒetɔ. Womali kɔe ɖi alo aɖo tɔ ɖe enu o; ke boŋ eƒe nukpɔkpɔ ahe nuɖuɖu fũu kple nutata nyuiwo avɛ na Aƒetɔ subɔlawo.

Currently Selected:

Yesaya 23: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in