Bible App logo
Search Icon

Yesaya 22

22
Gbedeasi tso Yerusalem ŋu
1Gbedeasi tso ŋutegabali la ŋu.
Nu kae dzɔ
be mielia yi dzi,
eye mi katã miede xɔta,
2mi ame siwo doa dzidzɔɣli,
wò, du si tɔa zi kple aseyetsotso?
Wò ame siwo wowu la,
menye yi nue wotsi o,
menye aʋa hãe wotsi o.
3Wò dziɖulawo katã sí afɔ ɖekae;
wometsɔ dati ɖe wo ŋu
hafi lé wo asiasii o.
Asi su ame siwo katã wotu la dzi,
togbɔ be wosí yi didiƒe hã.
4Eya ta mebe:
“Miɖe kɔ ɖa le ŋunye
ne mafa avi hehehe.
Migakpe fu be yewoafa akɔ nam
le esi wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu ta o.”
5Elabe ŋkeke le Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la si,
eye wòana zitɔtɔ, tsɔtsrɔ̃ kple tɔtɔtɔ
nava ŋutegabali la me.
Woamu gliwo aƒu anyi,
eye woadi xɔxɔ ado ɣli
ɖo ɖe to la gbɔ.
6Elam kpla daku,
eye tasiaɖam siwo ame yɔ
kple sɔdolawo la kpe ɖe wo ŋu.
Kir he eƒe akpoxɔnu ɖe go.
7Ale wò bali nyuitɔwo yɔ fũu kple tasiaɖamwo,
eye sɔdolawo dze aʋa
ɖe agboawo nu.
8Eɖe ama Yuda.
Ɣe ma ɣi la, ètso ŋku na avexɔ ƒe aʋawɔnuwo. 9Miekpɔ be wogbã teƒe geɖe le David ƒe du la me, eye miexe anyigbemeta ƒe tsiwo. 10Miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã wo be miatsɔ woƒe kpewo ali ke gliawoe. 11Mieɖe ʋe ɖe gli eveawo dome le dua me, be tá xoxo si le dua me ƒe tsi nasí age ɖe eme. Ke mieɖo ŋu ɖe eya ame si wɔe ŋu loo, alo bu ame si wɔ ɖoɖo sia xoxoxo, eye wòva eme alea la ɖe naneke me o.
12Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la, nɔ mia yɔm
be miafa avi, afa konyi,
eye mialũ ta, ata akpanya.
13 # Kor I, 15.32. Ke mieɖu ŋkekenyui, kpɔ dzidzɔ:
miewu nyitsu, tso alẽ,
mieɖu lã, no wain hegblɔ be:
“Mina míaɖu nu, ano nu
elabe etsɔ míele kuku ge.”
14Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe eɖokui fia
hegblɔ ɖe to me nam be:
“Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o,
va se ɖe esime miaku!
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe!”
Wogbe nya na Sebna
15Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ nam be: “Tso nàyi Sebna, nuwo dzikpɔla sia si le fiaƒea nu la gbɔ nàɖagblɔ nɛ be: 16Ŋusẽ kae le asiwò le afii? Ame kae le asiwò le afi sia, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afii? Èɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖokuiwò ɖe agakpe me? 17Kpɔ ɖa, wò si le ŋutsunya hem, Aƒetɔ ada wò ɖo ɖa sesĩe, eye wòalé wò goŋgoŋ. 18Aŋlɔ wò gonyogonyo abe bɔl ene, eye wòatsɔ wò aƒu gbe ɖo ɖe anyigba keke aɖe dzi. Àku ɖe afi ma, eye wò tasiaɖam nyuiawo atsi afi ma. Wò si zu ŋukpe na wò aƒetɔ ƒe aƒe la! 19Manyà wò le dɔ me, eye woaxɔ dɔ le asiwò. 20Ɣe ma ɣi la, mayɔ nye dɔla Elyakim, Xilkiya vi la. 21Mado wò awu nɛ, eye matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ. Matsɔ ŋusẽ si metsɔ na wò la ana eyama. Anye tɔ na Yerusalemnɔlawo kple Yuda-to la siaa. 22#Nyaɖ 3.7. Matsɔ David ƒe ƒome la ƒe safui ade esi. Ne eʋu nane la, ame aɖeke matui o, eye ne etu nane la, ame aɖeke maʋui o. 23Mana wòanɔ te ɖe enɔƒe sesĩe abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na tɔgbuia ƒe aƒe. 24Ke eƒe ƒometɔwo, viawo kple viawo ƒe viwo kpakple ƒomenya kukluiwo katã azu agba nɛ abe agba alo goewoe le tsyoti ŋu ene. 25Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be gbe ma gbe la, tsyoti si woƒo ɖi sesĩe la, aglí, aŋe, eye wòage adze anyi. Agba si le eŋu la akaka gbẽe elabe Aƒetɔ lae gblɔe.”

Currently Selected:

Yesaya 22: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in