Hosea 8
8
Aƒetɔ bu fɔ Israel le eƒe trɔ̃subɔsubɔ ta
1Tsɔ kpẽ ɖo nu nàku!
Elabe akaga aɖe le Aƒetɔ ƒe aƒe la tame,
esi wotu nye nubabla la ta,
esi wogbe nye se la ta.
2Israel yɔam be,
nye Mawu, mí Israelviwo míedze si wò.
3Ke Israel gbe nyuiwɔwɔ;
futɔ la anya wo ɖe nu.
4Woɖo fiawo,
ke wometo dzinye o.
Woɖo amegãwo,
ke nyemenya naneke le wo ɖoɖo ŋu o.
Wotsɔ woƒe klosalo kple sika kɔ̀ legba,
siwo atsrɔ̃ woawo ŋutɔ.
5Samaria,
wò nyivi la le ŋu nyɔm nam.
Medo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.
Ɣe ka ɣi gɔ̃ woava zu ame dzadzɛwo
6le Israel? menye Mawu wònye o.
Woagbã Samaria-nyivi la gudugudu.
7Yae woċ,
eye yali woaŋe.
Bli matse ku le woƒe agble me o.
Ne etse ku gɔ̃ hã la,
amedzrowo koe ava ɖui.
8Womi Israel;
wole dukɔwo dome
abe ze gbagbã si ŋudɔ
womagawɔ o la ene xoxo.
9Elabe woyi Asiria,
gbetedzi tsiakogo le tsa glalã tsam,
ke Efrayim ya na nu eƒe ahiãviwo.
10Togbɔ be wona nu amedzrowo le dukɔwo dome hã la,
maƒo wo nu ƒu kpuie,
eye woadzudzɔ amisisi
na fiawo kple amegãwo vie.
11Elabe Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo fũu
be woatsɔ awɔ nuvɔ̃e,
wova zu vɔsamlekpuiwo nɛ na nuvɔ̃ wɔwɔ.
12Ne meŋlɔ nye se akpe nanewo nɛ hã,
ɖeko wòbua wo abe ame tutɔ tɔwoe wonye ene.
13Wolɔ̃ vɔsasa;
wotsɔa lã saa vɔe eye woɖunɛ.
Ke woƒe nu medze Aƒetɔ ŋu o.
Azɔ aɖo ŋku woƒe vododawo dzi,
eye wòahe to le woƒe nuvɔ̃wo ta.
Woagbugbɔ ayi Egipte.
14Elabe Israel ŋlɔ wo Wɔla be,
eye wòtu fiasãwo.
Yuda dzi du sesẽwo ɖe edzi;
ke maɖo dzo ɖe eƒe duwo me
eye wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.
Currently Selected:
Hosea 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.