Bible App logo
Search Icon

Hosea 9

9
Hosea ɖe gbeƒã be woahe to na Israel
1Israel, mèganɔ dzidzɔ kpɔm o!
Mègatso aseye abe dukɔwo ene o;
elabe èwɔ gbolo
gblẽ wò Mawu ɖi.
Elɔ̃ gbolo ƒe nunana
le lugbɔƒewo katã.
2Lugbɔƒe kple ahafiãƒe manyi wo o,
eye wain yeye aflu wo.
3Womaganɔ Aƒetɔ ƒe anyigba dzi o,
ke Efrayim atrɔ ayi Egipte,
eye woaɖu nuɖuɖu makɔmakɔ le Asiria.
4Womaƒo wain ɖe anyi na Aƒetɔ o.
Womatsɔ woƒe vɔsawo
ado dzidzɔ nɛ o.
Woƒe nuɖuɖu anɔ abe konyifalawo ƒe nuɖuɖu ene,
eye eɖulawo katã agblẽ kɔ ɖo,
elabe woƒe nuɖuɖu atsi dɔwuame ko nu na wo;
mava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o.
5Azɔ nu ka miawɔ le ŋkekenyui ɖugbe la
kple Aƒetɔ ƒe ŋkekenyui la dzi?
6Elabe kpɔ ɖa, woyina ɖe Asiria;
Egipte aƒo wo,
Memfis aɖi wo.
Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi,
eye ŋugbewo avu ɖe woƒe nɔƒewo.
7 # Luk 21.22. Tohegbewo ɖo;
teƒeɖogbewo va ɖo vɔ.
Mawu ƒe gbeƒãɖela nye movitɔ,
gbɔgbɔmeme la ku tsu
le woƒe vodada gbogboawo,
kple fuléle gã la ta.
8Gbeƒãɖela nye gbetakpɔla na Efrayim,
nye Mawu ƒe dukɔ,
ke xevimɔ̀ka le eƒe toƒewo katã,
eye fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒeme.
9 # Ɖel 19.1-30. Wogblẽ wo ɖokui kple nu fitifiti wɔwɔ
abe ale si wònɔ le Gibea#9.9: GIBEA: Benyamin-to la me tɔ aɖewo de asi Levitɔ aɖe ƒe ahiãvi ŋu kple sesẽ le du sia me. Nuwɔna sia na toʋa dzɔ, eye Benyamin-to la me tɔ geɖewo tsi eme. ƒe ɣeyiɣi me ene.
Mawu aɖo ŋku woƒe vodada,
eye wòahe to na wo ɖe woƒe nuvɔ̃ ta.
Israel ƒe nuvɔ̃ kple eyomedzenu
10 # Mos IV, 25.1-5. Mefɔ Israel-dukɔ la,
abe ale si wofɔa wainka tsetse le gbedadaƒo ene.
Mekpɔ mia tɔgbuiwo,
abe ale si wokpɔa gbotsetse gbãtɔ
le gboti dzi le nuŋeɣi ene.
Ke esi wova Baal Peor la,
wokɔ wo ɖokui ŋu na Baal,
eye wova zu ŋunyɔnu abe nu si wolɔ̃ la ene.
11Efrayim ƒe ŋutikɔkɔe adzò adzó abe xevi ene;
vidzidzi kple fufɔfɔ aɖeke meli o!
12Evɔ ne wodzi viwo,
nyi wo wotsi gɔ̃ hã la,
mana woaku va se ɖe esime ɖeke masusɔ o.
Baba na wo, ne medzo le wo gbɔ.
13Efrayim viŋutsuwo, abe ale si mekpɔ woe ene la,
woɖo wo ɖi wonye nuléle;
Efrayim akplɔ via ŋutsuwo ayi ɖe amewuƒe.
14Aƒetɔ, tsɔe na wo.
Nu ka tsɔ ge nàla na wo?
Tsɔ vidzidɔ si gea fu
kple no tsimanɔmee na wo.
Aƒetɔ he to na Israel
15Woƒe nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe le Gilgal;
afi mae medze fuléle wo gɔme tsoe.
Le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta la,
manyà wo ɖa tso nye aƒeme.
Nyemagalɔ̃ wo azɔ o;
woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo.
16Woƒo Efrayim,
woƒe ke ƒu; womatse ku o.
Togbɔ be woadzi hã la, mawu wo vi lɔlɔ̃awo.
Gbeƒãɖela la ƒo nu le Israel ŋu
17Nye Mawu atsɔ wo aƒu gbe
elabe womeɖo toe o;
woanye tsatsalawo le dukɔwo dome.

Currently Selected:

Hosea 9: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in