Bible App logo
Search Icon

Hosea 7

7
1ne meɖoe be mada gbe le nye amewo ŋu la,
woɖea Efrayim ƒe nu fitifiti wɔwɔ
kple Samaria ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ fiana.
Wodaa alakpa, fiafiwo gbãa ʋɔ,
eye adzohawo tsoa ame le mɔ ta.
2Ke womenya be nye ŋku le
yewoƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzi o.
Azɔ la, woƒe nuwɔwɔwo ƒo xlã wo,
mele kpɔkpɔm.
Nugbeɖoɖo ɖe fia ŋu le eƒe fiasã me
3Wotsɔa woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ
doa dzidzɔ na fia la
kple woƒe alakpanuwɔwɔ,
doa dzidzɔ na amegãwo.
4Ahasiwɔlawo wo katã wonye.
Wole abe abolokpo ene.
Ne aboloƒola la blu wɔ vɔ la,
megatua dzoa ɖo o,
va se ɖe esime aboloa naʋã.
5Le míaƒe fia ƒe ŋkeke dzi la,
amegãwo dea dɔ lã me na wo ɖokui kple wain xɔdzo,
eye wòbɔa ha kple fewuɖulawo.
6Elabe woƒe dzi le bibim
abe kpodzo ene le woƒe ayedzedze ta.
Dɔmedzoe nɔa wo me zã blibo,
eye le ŋdi me la, eléa dzo vla.
7Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene,
eye wovuvua woƒe dziɖulawo.
Woƒe fiaawo katã dze anyi,
eye wo dometɔ aɖeke meyɔam o.
Israel kple dukɔ bubuwo
8Efrayim tsaka kple dukɔwo;
Efrayim nye abolo si wometrɔ o.
9Ame tutɔwo le ŋusẽ xɔm le esi
gake menyae o.
Eƒe ta ƒo wɔ,
gake menyae o.
10Israel ƒe dàda
le ɖase ɖim le eŋu,
ke wometrɔ ɖe Aƒetɔ,
woƒe Mawu la ŋu o,
eye womedii le nu siawo katã me o.
11Israel le abe ahɔnɛ ene;
etsi bome eye susu mele esi o:
Wole Egipte yɔm,
wole Asiria yim.
12Ne woyina la,
mada nye asabu ɖe wo dzi,
aɖiɖi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene;
mahe to na wo le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta.#7.12: Woŋlɔ ɖe Hebri-gbe me be: abe ale si wotoe na woƒe amehawo ene.
13Baba na wo,
elabe wotra tso gbɔnye.
Wonetsrɔ̃,
elabe wodze aglã ɖe ŋunye!
Ðe medi be maɖe wo hafi,
ke woka aʋatso ɖe asinye.
14Womedo gbe ɖa nam tso dzi vavã me o,
ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi.
Wode abi gãwo wo ɖokui ŋu
be yewoakpɔ bli kple wain.
Wodze aglã ɖe ŋunye.
15Togbɔ be nyee he wo,
eye mena ŋusẽ le wo ŋu hã la,
woɖo vɔ̃ ɖe ŋunye.
16Wotrɔ ɖe Baal ŋuti.
Wole abe dati si me do agblɔ ene.
Woƒe amegãwo atsi yi nu,
le woƒe aɖe ƒe dàda ta.
Woatsɔ esia aɖe alɔ me le wo ŋu
le Egipte-nyigba dzi.

Currently Selected:

Hosea 7: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in