Bible App logo
Search Icon

Hosea 6

6
Dukɔ la metrɔ dzime nyateƒetɔe o
1“Miva, mina míagatrɔ ayi Aƒetɔ gbɔ;
elabe eyae vuvu nu,
be yeada gbe le mía ŋu;
eyae de abi mía ŋu,
ke ablae na mí.
2Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe,
le ŋkeke etɔ̃a gbe la, afɔ mí ɖe tsitrenu,
be míanɔ agbe le eŋkume.
3Mina míanyae, mina míate kpɔ adze si Aƒetɔ.
Ado na mí godoo abe agudzedze ene,
ava mía gbɔ abe agbafie ene
abe keletsi si ƒoa anyigba ene.”
4O Efrayim, nu ka mawɔ kpli wò?
O Yuda, nu ka mawɔ kpli wò?
Miaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpo ene.
Ele abe zãmu si nu yina kaba ene.
5Eya ta meƒo wo to gbeƒãɖelawo dzi,
mewu wo kple nye numenya.
Nye ʋɔnudɔdrɔ̃ do yi,
abe kekeli ene.
6 # Mat 9.13; 12.7. Elabe lɔlɔ̃ matrɔ dim mele,
ke menye vɔsa o.
Mele sidzedze Mawu dim wu
numemevɔsa.
7Ke wotu nye nu,
si mebla kpli wo le Adam,
eye afi mae womewɔ nuteƒe nam le o.
8Gilead nye nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe du
eye wòƒo ʋu.
9Abe ale si adzodalawo ƒe ha
dea xa ɖi na ame ene la,
nenemae nunɔlawo zu adzohae;
wowua ame le Sixem-mɔ dzi gɔ̃ hã,
ẽ, wowɔa ŋutasẽnu.
10Le Israel ƒeme la,
mekpɔ ŋɔdzinu aɖe.
Efrayim ƒe gbolowɔwɔ le afi ma,
wogblẽ kɔ ɖo Israel.
11Yuda wò hã la,
woɖo nuŋeɣi ɖi na wò.
Ne medi be maɖo nye dukɔ ƒe nunyonamewo te,

Currently Selected:

Hosea 6: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in