Bible App logo
Search Icon

Mose IV 36

36
Nyɔnu srɔ̃tɔwo ƒe domenyinyi
1Gilead nye Maxir vi. Gilead tɔgbuie nye Manase, Yosef vi. Ƒome siwo le Gilead ƒe aƒekɔ me la ƒe tatɔwo va Mose kple Israelviwo ƒe toawo ƒe amegãwo gbɔ. 2#Mos IV, 27.7. Wogblɔ be: “Aƒetɔ gblɔ na nye aƒetɔ be woadzidze nu ama anyigba la na Israelviwo. Egagblɔ hã be míatsɔ mía nɔvi Zelofxad ƒe anyigba na via nyɔnuwo. 3Ke nenye be woɖe srɔ̃ le to bubu me la, woƒe anyigba azu to ma tɔ, eye míaƒe to la ƒe anyigba ava zu sue. 4Ne Nugbugbɔxɔ ƒe ƒè ɖo na Israel la, ekema woatsɔ woƒe domenyinu akpe ɖe to si me woɖe srɔ̃ ɖo la tɔ ŋu, woaɖe woƒe domenyinu tso mía tɔgbuiwo ƒe domenyinu ŋu akpe wo tɔ.”
5Tete Mose gblɔ nya si Aƒetɔ de esi be negblɔ na wo la na wo. Ebe Aƒetɔ be: “Yosef viwo ƒe to la gblɔe ɖe eteƒe. 6Zelofxad vinyɔnuwo kpɔ mɔ aɖe ame sia ame si dze wo ŋu la, ke ele be ŋutsua natso woawo ŋutɔ ƒe to la me. 7Mele be to aɖeke ƒe anyigba nayi ɖe to bubu me o. Ame sia ame neku ɖe eya ŋutɔ tɔ́a ƒe anyigba ŋu. 8Nyɔnu siwo katã xɔ wo tɔ́ ƒe anyigba ɖe Israelviwo ƒe toawo me la, naɖe srɔ̃ le to ma me. Ne wowɔ alea la, ekema Israelvi ɖe sia ɖe anyi tɔ́a ƒe anyigba dome, 9eye anyigba matso to ɖeka si me ayi ɖe bubu si me o. Toawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe anyigba anye eya ko tɔ tegbee.”
10Ale Zelofxad vinyɔnuwo wɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene, 11elabe Zelofxad vinyɔnu siwo ŋkɔwo nye Maxla, Tirza, Xogla, Milka kple Noa la, ɖe wo tɔ́ nɔviŋutsuwo ƒe viwo. 12Woɖe srɔ̃ le Yosef vi Manase ƒe ƒomeawo me, eye woƒe anyigba tsi wo tɔ́ ƒe ƒome la si me.
13Esia nye se kple ɖoɖo siwo Aƒetɔ na Mose gblɔ na Israelviwo le Moab-gbegbe le Yordan nu le Yerixo kasa.

Currently Selected:

Mose IV 36: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Mose IV 36