Bible App logo
Search Icon

Mose V 34

34
Mose ƒe ku
1Mose yi Moab-gbegbe, eye wòlia Nebo-to yi ɖado ɖe Pisga-to tame le Yerixo kasa. Esi wòle afi ma la, Aƒetɔ fia anyigba blibo lae. Anyigba la tso Gilead-nutome yi keke Dan-du gbɔ le dzigbeme. 2Elɔ Naftali-nutome blibo la, Efrayim-nutome kple Manase-nutome ɖe eme, 3eye wòto Yuda-nutome va se ɖe ƒu nu le ɣetoɖoƒe. Eto anyigbeme na Yuda, zɔ to gbegbe gbadza si le Yerixo, devedu la kple Zoar dome. 4#Mos I, 12.7; Mos I, 26.3; Mos I, 28.13.Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe na woƒe dzidzimeviwo lae nye esi. Mena èkpɔe, ke nyemana nàyi afi ma o.” 5Ale Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla, ku ɖe afi ma le Moab-nyigba dzi abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi tsã ene. 6Aƒetɔ ɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor du kasa; ke ame aɖeke menya teƒe si tututu woɖii ɖo va se ɖe egbe o. 7Mose xɔ ƒe alafa ɖeka bla eve hafi ku; ke ŋusẽ ganɔ eŋu, eye eƒe ŋkuwo metsí o. 8Israelviwo fa Mose ŋkeke bla etɔ̃ sɔŋ le Moab-gbegbe. Emegbe wowu avifafa kple konyifafa ŋkekeawo nu na Mose.
9Nunyagbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi la, fũu elabe Mose da eƒe asiwo ɖe edzi. Israelviwo ɖo to Yosua, eye wowɔ se siwo Aƒetɔ de na Mose wòde na wo la dzi. 10#Mos II, 33.11; Sir 45.1-5. Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖeke meganɔ Israel kpɔ si de Mose nu o. Aƒetɔ ƒoa nu kple eya ŋkume kple ŋkume. 11Gbeƒãɖela aɖeke hã mewɔ dzesiwo kple nukunuwo abe esiwo Aƒetɔ dɔ Mose wòyi ɖawɔ le Egipte Fiagã la kple eƒe dudɔwɔlawo kpakple dukɔ blibo la katã ŋkume ene o. 12Nenema ke gbeƒãɖela aɖeke hã mete ŋu wɔ ŋusẽdɔ kple nu klitsu siwo katã Mose wɔ le Israel-dukɔ blibo la ŋkume kpɔ o.

Currently Selected:

Mose V 34: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in