Bible App logo
Search Icon

Mose V 33

33
Mose yra Israelviwo ƒe toawo
1Nya siawo nye yayra si Mose, Mawu ƒe ame la bia na Israelviwo hafi ku. 2Egblɔ be:
“Aƒetɔ ɖi tso Sinai-to dzi va.
Edze abe ɣe ene le Seir tame,
tso Paran-to gbɔ.
Ame kɔkɔe akpeakpewo kpe ɖe eŋu,
eye dzo le bibim le eƒe nuɖusi.
3Aƒetɔ lɔ̃a eƒe amewo,
eye wòkpɔa eƒe ame siwo katã
ŋu wokɔ la ta.
Ale míede ta agu
ɖe eƒe afɔnu,
eye míewɔna ɖe eƒe gbeɖeɖe dzi.
4Míewɔa se
si Mose de na mí la dzi.
Se sia nye mí Yakob viwo ƒe
domenyinu vevitɔ.
5Ale Aƒetɔ zu fia le Yesurun
esi dukɔa ƒe tatɔwo ƒo ƒu,
esime Israel-toawo katã kpe ta.
6“Na Ruben nanɔ agbe tegbee;
megaku o,
mègana eƒe amewo nanɔ ʋɛ o.”
7Egblɔ le Yuda ŋu be:
“Aƒetɔ, se Yuda ƒe gbe,
kplɔe va de etɔwo dome.
Wɔ aʋa ɖe enu kple wò asi la,
eye nànye kpeɖeŋutɔ nɛ
ɖe eƒe futɔwo ŋu.”
8 # Mos II, 28.30; Mos II, 17.7; Mos II, 17.7; Mos IV, 20.13. Egblɔ le Levi ŋu be:
“Aƒetɔ, èɖe wò lɔlɔ̃nu fia
kple Urim kple Tumim
to wò dɔla nuteƒewɔlawo
siwo nye Levi viwo la dzi.
Ète wo kpɔ le Masa,
eye nèwɔ dzre kpli wo le dzrewɔtsia gbɔ.
9Wowɔ nuteƒe na wò wu
wo dzilawo, wo nɔviŋutsuwo alo wo viwo.
Wowɔ wò sededewo dzi,
eye wolé wò nubabla me ɖe asi.
10Woawoe afia wò ɖoɖowo Yakob viwo,
eye woafia wò se la Israelviwo.
Woawoe atsɔ lifi
ava ŋkuwò me,
eye woatsɔ numemevɔsa blibo la,
aɖo wò vɔsamlekpui dzi.
11Aƒetɔ, yrae ne wòatsi, ŋusẽ nanɔ eŋu.
Kpɔ ŋudzedze
le eƒe asinudɔwo ŋu.
Gblẽ eƒe futɔwo kple ketɔwo dome keŋkeŋ.
Mègana ŋusẽ nagaɖo wo ŋu gbeɖe o.
12Egblɔ le Benyamin ŋu be:
“Aƒetɔ melɔ̃a nu le egbɔ o.
Ekpɔa eta, nɔa egbɔ ɣe sia ɣi
eye wòwɔ nɔƒe nɛ ɖe eƒe abɔta.”
13Egblɔ le Yosef ŋu be:
“Aƒetɔ neyra eƒe anyigba kple dziƒo ƒe nu nyuitɔwo,
eye tsi nedzi nɛ tso anyigba tu me.
14Neyrae kple kutsetse xɔasi
siwo ɣe nana woɖina
kple kutsetse xɔasi
siwo wɔna le wo tseɣi le ɣletiwo me.
15Nena nuku siwo wɔna
le blematowo dzi la nawɔ nɛ,
eye nuku vevi siwo wɔna
le blematogbɛwo dzi la nadzi ɖe edzi nɛ.
16Nena anyigba dzi nu xɔasiwo
nasɔ gbɔ nɛ fũu.
Eya, ame si ƒo nu le ŋuve me la
neve enu.
Yayra siawo katã nenɔ Yosef ƒe to la dzi,
elabe eyae nye amegã le nɔviawo dome.
17Yosef ƒe ŋusẽ le abe nyitsu tɔ ene.
Eƒe dzowo le abe tò tɔwo ene.
Yosef ƒe dzoawo nye Manase
ƒe ame akpe naneawo
kple Efrayim ƒe ame akpe ewoawo.
Woawoe wòatsɔ atutu dukɔwo aƒu anyi;
va se ɖe anyigba ƒe seƒewo ke.”
18Egblɔ le Zebulon ŋu be:
“Zebulon, dzi nedzɔ wò le wò nugbeyiyi ŋu;
Isaxar, kpɔ dzidzɔ
le wò aƒenɔnɔ ŋu.
19Wokpe dukɔwo va woƒe to la gbɔ,
eye wosa vɔ vavãtɔ le afi ma.
Wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso ƒu me,
eye wokpɔ woƒe nu veviwo tso ƒutake me.”
20Egblɔ le Gad ŋu be:
“Woakafu ame si keke
Gad ɖe nu!
Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene
le lalam be yeavuvu nu;
yeavuvu abɔ alo ta ƒe ayi.
21Etia anyigba nyuitɔ na eɖokui,
elabe wodzra anyigba sia ɖo ɖi
na aʋakplɔla ɖe afi ma.
Enɔ dukɔ la nu yi kpli wo,
eya kple Israel wɔ gbeɖeɖeawo dzi,
kple Aƒetɔ ƒe sedede dzɔdzɔeawo dzi.”
22Egblɔ le Dan ŋu be:
“Dan nye dzatavi.
Eti kpo do tso Basan.”
23Egblɔ le Naftali ŋu be:
“Nu nyuiwo asɔ gbɔ ɖe Naftali si fũu;
Aƒetɔ ƒe yayra anɔ edzi.
Woƒe anyigba atso tá la gbɔ,
ayi keke anyigbeme ke.”
24Egblɔ le Aser ŋu be:
“Woyra Aser wu viŋutsu bubuawo.
Na eƒe nu nanyo nɔviawo ŋu,
eye wòatsɔ eƒe afɔ ade ami me.
25Wò duwo ƒe agbowo anye
ga yibɔ kple akɔbli.
Ŋusẽ anɔ ŋuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me.
26“Yesurun, mawu aɖeke meli
abe wò Mawu la ene o.
Eto dziŋgɔli me le yiyim,
be yeakpe ɖe ŋuwò,
eye wòle eƒe fianyenye me le dziŋgɔli me tom.
27Mawu mavɔtɔ la nye nɔwòƒe;
eƒe abɔ mavɔwo lé wò
ɖe asi ɣe sia ɣi.
Enyà futɔwo ɖa le ŋgɔwò,
eye wògblɔ be,
‘Mitsrɔ̃ nu!’
28Ale Israel le anyi, nɔ dedie;
Yakob ƒe vudo la ɖeɖe le anyigba,
si dzi bli kple wain le,
afi si zãmu tso dziƒo dzana le.
29O Israel, kpɔ dzidzɔ!
Ame kae le abe wò ene?
Dukɔ si Aƒetɔ xɔ ɖe agbe;
eyae nye wò akpoxɔnu kple wò kpeɖeŋutɔ;
yi si nètsɔna ɖua dzii.
Wò futɔwo ava ɖe kuku na wò,
be nàkpɔ nublanui na yewo,
eye wò la, ànya avuzi le woƒe nuxeƒewo dzi.”

Currently Selected:

Mose V 33: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in