Bible App logo
Search Icon

Yosua KPƆKPLƆYIÐEME

KPƆKPLƆYIÐEME
Yosua ƒe Agbalẽ nye ŋutinya si ƒo nu le ale si Israelviwo xɔ Kanaan-nyigba la le Mose teƒenɔla, Yosua, ƒe kpɔkplɔ te la ŋu. Nyadzɔdzɔ vevi, siwo le agbalẽa me la dometɔ aɖewoe nye: Yordan-tɔsisitsotso, Yerixo-duxɔxɔ, aʋawɔwɔ le Ai kple ale si Mawu gbugbɔ nu gabla kple Israelviwo. Mawunya nyanyɛ siwo le agbalẽa me la dometɔ ɖekae nye “Ke ne Aƒetɔ subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia mawu si miedi be yewoasubɔ azɔ, egbe ɖeka. Mawu si mia tɔgbuiwo subɔ le Mesopotamia lae loo, alo mawu si Amoritɔ siwo ƒe anyigba dzi miele fifia la subɔna la yea? Ke nye kple nye aƒemetɔwo ya la, Aƒetɔ ko míasubɔ.” (24.15)
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kanaan-nyigbaxɔxɔ 1.1—12.24
Anyigba la mama 13.1—21.45
a. Anyigba si le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe 13.1-33
b. Anyigba si le Yordan ƒe ɣedzeƒe 14.1—19.51
d. Sitsoƒeduwo 20.1-9
ɖ. Levi viwo ƒe duwo 21.1-45
To siwo le ɣetoɖoƒe la trɔ yi woƒe anyigba dzi 22.1-34
Yosua ƒe kaklãnyawo 23.1-16
Mawu gbugbɔ nu gabla kple dukɔ la le Sixem 24.1-33

Currently Selected:

Yosua KPƆKPLƆYIÐEME: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in