Bible App logo
Search Icon

Mose V 32

32
1“Miɖo to, dziƒowo,
mele nu ƒo ge.
Anyigba, se nye numenyawo.
2Nye nufiafia le dzadza ge
abe tsi ene;
eye nye nyawo le hehlẽ ge
abe zãmu ene.
Woanɔ abe tsie nyɔ́ ɖe gbe fɛ̃ dzi ene,
abe agbafie ɖe amagbe dzi ene.
3Mele Aƒetɔ ŋkɔ kafu ge,
eye eƒe amewo aƒo nu le
mía Mawu ƒe nu dzɔtsu wɔwɔ ŋu!
4“Enye agakpe,
eƒe dɔwɔwɔwo de blibo
elabe eƒe mɔwo katã dzɔ.
Mawu nye nyateƒetɔ;
alakpa mele eme o.
Nuteƒewɔla, dzɔdzɔetɔ wònye.
5Gake mi viawo miewɔ nu tovo ɖe eŋu,
miezu ŋukpenanuwɔlawo
eya ta mieganye viawo azɔ o.
Dzidzime baɖa, gbegblẽ mienye.
6Dukɔ dzɔlã, bometsila,
aleae miawɔ ɖe Aƒetɔ ŋua?
Alo menye eyae nye tɔ́
si wɔ wò oa?
Ɖe menye eya ŋutɔe wɔ wò
nèzu dukɔ oa?
7Ɖo ŋku nya siwo dzɔ gbe aɖe gbe dzi,
bu tame le blematɔwo ŋu.
Bia tɔ́wò ne wòato nyawo na wò,
eye nàbia wò amegãɖeɖiwo
ne woagblɔ blemanya na wò.
8 # Dɔw 17.26. Esi Dziƒoʋĩtɔ má anyigba na dukɔwo
eye wòkaka amegbetɔviwo dome la,
edo liƒo na dukɔwo keŋ,
ɖe ale si Mawu viwo#32.8: Le Hebri Biblia me la, wogblɔ be ‘Israelviwo’. sɔ gbɔe nu.
9Ke etia Yakob ƒe dzidzimeviwo
na eɖokui,
be woanye ye ŋutɔ ye tɔ.
10“Efɔ wo le kegbegbe, le gbedadaƒo;
afi si yaƒoƒo kplɔ ƒiaƒiaƒia.
Ekpla asi kɔ na wo
eye wòkpɔ wo dzi, lé be na wo
abe eya ŋutɔ ƒe ŋkuvi ene.
11Ale si hɔ̃ dea dzo lã me na viawo,
be woate ŋu adzo,
eye wòsaa agba le viawo dzi,
ale si wòkekea eƒe aʋala me,
eye wòkɔa wo ɖe dzi la,
12nenemae Aƒetɔ ɖeɖe kplɔ Israelviwoe.
Mawu bubu aɖeke
mekpe ɖe eŋu o.
13Ena woɖu anyigba kɔkɔwo dzi,
eye wòna woɖu gbemekutsetsewo.
Ena anyitsi do tso agakpe me wono,
eye wòna ami do tso kpe sesẽwo me.
14Ena woƒe nyiwo kple alẽwo
na notsi kpekẽ wo fũu.
Woƒe alẽviwo, agbowo, nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo
na lãmi wo zã.
Ena bli do ku na wo,
eye wòna wain nyuitɔ wo wono.
15“Aƒetɔ ƒe amewo va zu kesinɔtɔwo;
ke wodze aglã ɖe eŋu.
Woda ami, klã,
eye wokpɔ lã me.
Wogblẽ Mawu, wo Wɔla ɖi,
eye wodo vlo eya,
agakpe si xɔna na wo la.
16Woƒe mawu bubuwo subɔsubɔ
na Mawu ƒe ŋuʋaʋã ho;
woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ
do dziku nɛ.
17 # Kor I, 10.20. Wosa vɔ na trɔ̃
siwo nye nu dzodzrowo.
Wosa vɔ na mawu
siwo womenya kura o.
Wosa vɔ na mawu yeye totoewo gɔ̃.
Evɔ la, wo tɔ́wo mebua
mawu siawo ɖe naneke me hafi o.
18Mieɖe ŋu ɖi le miaƒe Xɔnametɔ,
agakpe si dzi mi la ŋu.
Mieŋlɔ Mawu si ƒe dɔ me
miedzɔ tso la be.
19“Esi Aƒetɔ kpɔ esia la,
edo dziku,
eye wògbe via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo.
20Egblɔ be: ‘Nyemagakpe ɖe wo ŋu azɔ o,
ne makpɔ nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ɖa,
elabe dzidzime gbegblẽ, mawɔnuteƒe wònye.
21 # Kor I, 10.22; Rom 10.19. Wotsɔ nu maɖimawuwo
ho ŋuʋaʋã le menye,
eye wotsɔ legbawo
do dzikui nam.
Eya ta nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo
aho ŋuʋaʋã ɖe wo me,
eye matsɔ dukɔ dzɔmovi
ado dzikui na wo.
22Elabe nye dɔme lé dzo le bibim;
ele bibi ge ade keke tsiẽƒe ke.
Afiã anyigba kple nu siwo wɔna le edzi,
eye wòafiã keke towo
ƒe agunu ke hã.
23“ ‘Malɔ dzɔgbevɔ̃ewo katã
ali kɔ ɖe wo dzi,
eye mada nye aŋutrɔwo katã
ɖe wo ŋu.
24Dɔ awu wo ate wo ŋu,
eye asrã kple dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wo.
Madɔ lã wɔadãwo ɖa
woalé wo aɖu;
mana da vɔ̃ɖiwo aɖu wo.
25Ame atsi yi nu le aʋa me
le ablɔwo dzi,
eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me.
Ɖekakpui kple ɖetugbiwo aku;
vidzĩwo kple ame tsitsi taɣiwo gɔ̃
mado le eme o.
26Ɖe medi be matsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ,
ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi
le amegbetɔwo dome o hafi.
27Ke nyemedi be woƒe futɔwo
nado dziku nam o,
eye woƒe ketɔwo nagblɔ dàdatɔe
be yewoe ɖu nye dukɔ dzi,
eye menye nye Aƒetɔ ŋutɔe
wɔ wo vevie nenema o!’ ”
28“Israel-dukɔ menyaa nu o,
eye mesea nu gɔme o.
29Ɖe wònye nunyalawo wonye la,
anye ne wose nu sia gɔme,
eye woabu nu si ava dzɔ
ɖe wo dzi la ŋu.
30Ale ke ame ɖeka ate ŋu aɖu
ame akpe dzi,
eye ame eve pɛ ate ŋu aɖu
ame akpe ewo dzi?
Mawu, woƒe Xɔnametɔ lae gblẽ wo ɖi;
Aƒetɔ ŋutɔe tsɔ wo de asi tae.
31Elabe woƒe futɔwo ŋutɔ tso nya me,
be ŋusẽ mele yewoƒe mawuwo ŋu
abe mía tɔ ene o.
32Evɔ woƒe futɔwo gblẽ
abe Sodom kple Gomora duwo ene.
Wole abe waintsetse siwo nye aɖi,
eye wo me tsi vena ene.
33Wogale abe wain
si wotsɔ da ƒe aɖi wɔ ene.”
34“Aƒetɔ ƒe ŋku le nu si wowɔ la dzi;
ele lalam na tohegbe.
35 # Rom 12.19; Heb 10.30. Aƒetɔ abia hlɔ̃,
eye wòahe to
gbe si gbe wodze anyi.
Wo tsrɔ̃ɣi le aƒe tum,
eye nu si woɖo ɖe wo ŋu la,
le edzi ɖo ge kpata.
36 # Ps 135.14. Elabe Aƒetɔ atso afia na eƒe dukɔ,
eye wòave eƒe dɔlawo nu,
ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le wo ŋu,
eye gameme alo ablɔɖevi aɖeke
megali o.
37Ekema Aƒetɔ abia eƒe dukɔ be:
‘Afi ka miaƒe mawuawo le?
Xɔnametɔ si ŋu miele ŋu ɖom
ɖo la ɖe?
38Miaƒe vɔsa ƒe amiɖulawo
kple miaƒe nunonovɔsa
ƒe wainnolawo ɖe?
Wonetsi tsitre ne woaxɔ na mi,
eye woakpɔ mia tae!
39“ ‘Miele ekpɔm azɔ be nye,
mebe nye ɖeka koe li,
eye mawu aɖeke meli
kpe ɖe ŋunye oa?
Mewua ame,
eye megbɔa agbee.
Medea abi ame ŋu,
eye meyɔa dɔe.
Naneke mate ŋu aɖe ame
tso asinye me o.
40Elabe medo nye asi ɖe dzi
heka atam be
zi ale si menya le agbe ko la,
41manyre nye yi dadzo la,
eye made asi tohehe me.
Mabia hlɔ̃ nye futɔwo,
eye maɖo eteƒe na nye ketɔwo.
42Mana nye aŋutrɔwo ano ʋu amu,
eye nye yi aɖu lã.
Ame tsiaʋawo kple aboyomewo
ƒe ʋue woano!
Futɔwo ƒe kplɔlawo ƒe tatɔwo
ƒe lãe woaɖu.’
43 # Rom 15.10; Nyaɖ 19.2. “Dukɔwo, mikpɔ dzidzɔ
ɖe Aƒetɔ ƒe dukɔ ŋu
elabe ebia hlɔ̃ ame
siwo katã wu wo.
Ebia hlɔ̃ eƒe futɔwo
eye wòtsɔ nuvɔ̃ ke eƒe dukɔ.”
44Mose kple Yosua, Nun vi la, va gblɔ ha sia ƒe nyaawo sesĩe be Israelviwo katã nase.
Mose ƒe ɖoɖo mamlɛa na Israelviwo
45Esi Mose gblɔ nya siawo katã na dukɔa vɔ la, 46egblɔ na wo be: “Milé nya siawo katã siwo megblɔ na mi tsitotsito egbe la me ɖe asi goŋgoŋ. Mide wo mia viwo si, ne woalé seawo me ɖe asi, awɔ wo dzi. 47Nya siawo la, menye nya gbɔlo wonye na mi o; miaƒe agbe kekeake wonye. Eya ta miwɔ wo dzi ne mianɔ agbe didi le anyigba si xɔ ge mieyina le Yordan godo be wòanye mia tɔ la dzi.”
48 # Mos IV, 27.12-14; Mos V, 3.23-27. Gbe ma gbe ke la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 49“De Abarim-togbɛka dzi le Moab-nyigba dzi le Yerixo kasa. Lia Nebo-to, eye nàkpɔ Kanaan-nyigba si tsɔ ge mala na Israelviwo la ɖa. 50Èle kuku ge le to sia dzi ayi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron hã ku le Xor-to dzi heyi tɔgbuiawo gbɔ ene. 51Anɔ na wò hã alea, elabe mi ame evea miewɔ nuteƒe nam le Israelviwo ŋkume o. Esi miegogo Kades le Zin-gbedadaƒo, eye mienɔ dzrewɔtsi la gbɔ la, miede bubu ŋunye le Israelviwo ŋkume o. 52Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa ya, ke màɖo afɔ anyigba si mele tsɔtsɔ ge na Israelviwo la dzi akpɔ o.”

Currently Selected:

Mose V 32: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in