Mose V 24
24
Srɔ̃gbegbe kple srɔ̃gbugbɔɖe
1 #
Mat 5.31; 19.7; Mar 10.4. “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, emegbe nyɔnua ƒe nu meganyo eŋu o, eye wòdi be yeagbee le ŋukpenanu aɖe si nyɔnua wɔ ta la, neŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de nyɔnua si, eye wòanyàe ɖa le eƒeme. 2Ne nyɔnua dzo yi ɖaɖe ŋutsu bubu, 3eye ŋutsu sia hã gbee, ŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de esi henyàe dzo le eƒeme alo ku la, 4ŋutsu gbãtɔ si nyàe la mekpɔ mɔ agaɖee o, elabe edo ŋunyɔe va yi. Ne ŋutsua gaɖee la, ekema ewɔ ŋunyɔnu le Aƒetɔ ŋkume. Migawɔ nuvɔ̃ɖi sia ƒomevi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la, le tsɔtsɔm na mi be wòanye domenyinu na mi la dzi o.”
Se vovovowo
5“Ne ame aɖe ɖe srɔ̃ teti la, megayi aʋa o, eye womegade dɔ aɖeke asi nɛ o. Mina wòanɔ aƒeme, anɔ eɖokui si ƒe ɖeka ne wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.
6“Ne èdo nu na ame aɖe la, mègaxɔ eƒe té kple tévi ɖe awɔba me o. Ne èxɔ wo la, ƒomea makpɔ naneke atu wɔ aɖa nu, aɖu anɔ agbe o.
7 #
Mos II, 21.16. “Ne wolé ame aɖe si fi nɔvia Israelvi aɖe, tsɔ wɔ eƒe kluvi alo dzrae la, ele be woawu fiafi la. Wɔ esia ne nàɖe vɔ̃ sia ɖa le wò dowòme.
8 #
Mos III, 13.1—14.54. “Ne èle ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi si amewo vɔ̃na la lém la, lé be na ɖokuiwò. Lé fɔ ɖe nu siwo katã nunɔla Levitɔwo afia wò le dɔlélea ŋu la ŋu pɛpɛpɛ. Lé se siwo mena wode na wò le dɔa ŋu la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi. 9#Mos IV, 12.10.Ɖo ŋku nu si Aƒetɔ, mia Mawu la, wɔ Miryam le mɔ dzi esime mieʋu tso Egipte gbɔna la dzi.
10 #
Mos II, 22.26, 27. “Ne èdo nugbana na hawòvi la, mègatii yi eƒeme be yeaxɔ eƒe avɔ ɖe nua nu ale be avɔa nanɔ awɔba o. 11Ke boŋ nɔ xexe ne nugbanadolaa ŋutɔ natsɔ avɔa va ɖo awɔba. 12Ne nugbanadola la nye ame dahe la, mègana avɔa natsi gbɔwò ŋu nake o. 13Ke boŋ ne ɣe ɖo to la, gbugbɔe yi nɛ be wòate ŋu awɔ eŋudɔ le zã me. Ne èwɔ esia la, ada akpe na wò, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, abu wò nu dzɔdzɔe wɔla.
14 #
Mos III, 19.13. “Mègagbe fexexe na ame dahe alo hiãtɔ o. Nɔviwò wòɖanye o, amedzroe amea nye le wò du aɖe me le wò anyigba dzi o, eƒe fe megatsi ŋuwò o. 15Ne ewɔ dɔ na wò la, xe fe nɛ gbe ma gbe ke; ɣe megaɖo to ɖe fea o, elabe eya ŋue wòle ŋu ɖom ɖo. Ne mèxe fea nɛ o la, ado ɣli ayɔ Aƒetɔ le tawò eye àzu fɔɖila.
16 #
Fia II, 14.6; Kron II, 25.4; Xez 18.20. “Womawu vi tɔ́ ɖe nuvɔ̃ si via wɔ la ta o, eye womawu vi hã ɖe nuvɔ̃ si tɔ́a wɔ la ta o; ke boŋ woawu ame ɖe nuvɔ̃ si amea ŋutɔ wɔ la ta.
17 #
Mos II, 23.9; Mos III, 19.33, 34; Mos V, 27.19. “Mègate amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o; mègazi ahosi dzi ne wòatsɔ eƒe avɔ de awɔba na wò o. 18Ɖo ŋku edzi be wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Aƒetɔ, wò Mawu la xɔ wò ɖe agbe tso afi ma eye nèvo. Esia tae mele se sia dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
19 #
Mos III, 19.9, 10; 23.22. “Ne èŋe nu le wò agble me, eye nèŋlɔ ɖe be ɖi la, migagbugbɔ yi be yeaɖatsɔe o. Eya nezu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo tɔ. Wɔ esia ale be Aƒetɔ, wò Mawu la, nayra wò le wò asinudɔwo katã me. 20Ne miegbe kutsetsewo le miaƒe amiti dzi la, migatrɔ yi ɖatsa ŋku be yewoagbe ɖe sia ɖe si susɔ ɖe atia me o. Esiwo susɔ la nezu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo tɔ. 21Ne èxa nu le wò waingble me la, mègagbugbɔ yi ɖatsa eme afɔ esiwo susɔ ɖi la keŋkeŋ o. Esiwo susɔ la zu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kpe ahosiwo tɔ. 22Ɖo ŋku edzi tegbee be ye hã yenye kluvi nɔ Egipte-nyigba dzi kpɔ. Esia tae mele se sia dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
Currently Selected:
Mose V 24: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.