Bible App logo
Search Icon

Mose V 25

25
1“Dzre adzɔ ɖe ŋutsu eve dome, eye woatsɔ nya la ayi ʋɔnui. Woatso afia na ame ɖeka eye woabu fɔ ame evelia. 2Ne fɔɖila la dze ƒoƒo la, ekema ʋɔnudrɔ̃la la nana wòatsyɔ akɔ anyi, eye wòana woaƒoe. Zi ale si woaƒoe la ku ɖe vodada si wòwɔ la ŋu, eye ʋɔnudrɔ̃la la nanɔ afi ma akpɔ eteƒe. 3#Kor II, 11.24.Woate ŋu aƒoe zi bla ene, gake masɔ gbɔ wu nenema o. Ne esɔ gbɔ wu nenema la, ekema woɖi gbɔ nɔviwò la le ŋkuwò me.
4 # Kor I, 9.9; Tim I, 5.18. “Mègabla nu na nyitsu si le mɔli dugum la o.”
Nu si dze be nɔviŋutsu nawɔ na nɔvia ŋutsu si ku
5 # Mat 22.24; Mar 12.19; Luk 20.28. “Ne nɔviŋutsu eve le teƒe ɖeka eye wo dometɔ aɖe medzi vi hafi ku o la, ameyinugbea srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu si menye srɔ̃a ƒe ƒometɔ o. Ele be srɔ̃a nɔvi la naxɔe aɖe, eye wòawɔ nu si dze la nɛ abe ameyinugbea ene. 6Woabu ŋutsuvi gbãtɔ si nyɔnua dzi la abe ameyinugbea ƒe vi ene, ne wòalé nɔvia kuku la ƒe ŋkɔ ɖe te ale be eƒe dzidzime nagatsrɔ̃ le Israel o. 7#Rut 4.7, 8.Ke ne ŋutsu la medi be yeaɖe nɔvia srɔ̃ la o la, ekema nyɔnua ayi dumemetsitsiwo gbɔ le dutakpeƒe eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔvi medi be yeana ye nɔvi ƒe ŋkɔ natsi Israel o; egbe be yemaɖem o.’ 8Emegbe dumemetsitsiawo ayɔ ŋutsua vɛ, eye woaƒo nu kplii. Ne egbe godoo be yemaɖe nyɔnua o la, 9ekema nɔvia srɔ̃ la ate ɖe eŋu le dumemetsitsiawo ŋkume, aɖe afɔkpa le afɔ nɛ, aɖe ta ɖe mo nɛ, agblɔ be, ‘Ale wowɔa ŋutsu si medi be yeana ye nɔviŋutsu ƒe dzidzime nanɔ anyi o lae nye esi.’ 10Woatsɔ ŋkɔ na ŋutsu sia ƒe ƒome le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe - afɔkpa - le - afɔ - na la ƒe ƒome.’
Se bubuwo
11“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye wo dometɔ ɖeka srɔ̃ va be yeaxɔ na srɔ̃a, eye nyɔnua lé ŋutsu kemɛa ƒe ŋutsu la, 12migakpɔ nublanui na nyɔnua kura o; milã eƒe asi ɖa le eŋu.
13 # Mos III, 19.35, 36. “Nudanu eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ wò kotoku me o. 14Nudzidzenu eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o. 15Nudanu nyuitɔ kple esi dze la ko nenɔ asiwò; eye nudzidzenu nyuitɔ kple esi dze la ko nenɔ asiwò, ale nànɔ agbe didi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la, tsɔ na wò la dzi. 16Wɔ alea elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, lé fu ame sia ame si baa ehavi.”
Aƒetɔ ɖe gbe be woawu Amalekitɔwo
17 # Mos II, 17.8-14; Sam I, 15.2-9. “Ɖo ŋku nu si Amalekitɔwo wɔ wò esime mieʋu tso Egipte gbɔna la dzi. 18Womesi Mawu ɖa kura o. Esi wova tu wò le mɔ dzi, ɖeɖi te ŋuwò eye nègbɔdzɔ la, wotsrɔ̃ ame kudɔe siwo ŋu nu te, eye wotsi megbe la keŋkeŋ. 19Eya ta ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, be nàxɔ anyi edome, eye èvo tso wò futɔ siwo katã ƒo xlã wò la si me la, kpɔ gbɔ be yetsrɔ̃ Amalekitɔwo katã ɖa. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ ale be ame aɖeke nagaɖo ŋku wo dzi le xexeme ƒe afi aɖeke o. Mègaŋlɔ nya sia be o.”

Currently Selected:

Mose V 25: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in