Mose V 23
23
Ame siwo woaɖe ɖa le Aƒetɔ ƒe dukɔ me
1“Ame si wota alo ame si wolã aʋa na la mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o. 2Ahasivi aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o, eye kekeke eƒe dzidzimevi ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ eme gbeɖe o.”
3 #
Nex 13.1, 2. “Amontɔ kple Moabtɔ aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o, eye kekeke woƒe dzidzimevi ewolia ke gɔ̃ hã mekpɔ mɔ anɔ eme gbeɖe o. 4#Mos IV, 22.1-6.Elabe esime mieʋu tso Egipte gbɔna la, wogbe nuɖuɖu kple tsi nana mi le mɔ dzi. Gawu la, woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu be wòaƒo fi ade mi. 5#Mos IV, 23.7—24.9.Ke Aƒetɔ, mia Mawu la, meɖo to Bileam o, eye wòna fiƒode si ava mia dzi hafi la trɔ zu yayra boŋ elabe elɔ̃ mi. 6Zi ale si mienye nye dukɔ la, migakpe ɖe wo ŋu loo, alo adi woƒe nyui gbeɖe o.
7“Miganyɔ ŋu Edomtɔ aɖeke o, elabe mia nɔviwo Edomtɔwo nye. Nenema ke miganyɔ ŋu Egiptetɔ aɖeke hã o, elabe mienɔ wo de kpɔ. 8Woƒe dzidzime etɔ̃lia kple dzidzime siwo kplɔ woawo ɖo la kpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me.”
Dzadzɛnɔnɔ le asaɖa la me
9“Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèƒu asaɖa anyi le aʋagbedzi la, kpɔ ɖokuiwò dzi be nàgawɔ naneke si ana nazu ame makɔmakɔ o. 10Ne ŋutsu aɖe ku drɔ̃e nyè tsi le zã me la, eŋu mekɔ o eya ta nedo yi asaɖa la godo ɖanɔ afi ma. 11Le ɣetrɔ me la, nele tsi. Ne ɣe ɖo to la, ekpɔ mɔ ava asaɖa la me azɔ.
12“Miɖo afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo, afi si miayi afɔdzi le. 13Mikpa ati gbabɛ kpe ɖe miaƒe aʋawɔnuwo ŋu, ale be ne miele afɔdzi de ge la, miatsɔe aɖe doe, eye ne miewɔ vɔ la, miagatsɔe ku ke kɔ ɖe afɔdzia dzi. 14Mina miaƒe asaɖa gbɔ nanɔ dzadzɛ elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, le afi ma le gbɔwò be yeakpɔ tawò, eye yeana nàɖu wò futɔwo dzi. Eya ta mègawɔ ŋunyɔnu aɖeke ɖi ne wòakpɔ, eye wòatrɔ adzo le gbɔwò o.”
Se vovovowo
15“Ne kluvi aɖe sí le eƒe aƒetɔ gbɔ va si wò tso la, mègagbugbɔe yi na eƒe aƒetɔ o. 16Ke boŋ nà wòatsi gbɔwò, anɔ wò du si dze eŋu la me, eye mègawɔ ŋlɔmee le eŋu o.
17 #
Mos III, 19.29. “Migana Israel-nyɔnu aɖeke nanye gbolo le trɔ̃ƒe alo ŋutsu aɖeke hã nanye ahasiwɔla anɔ mawusubɔƒe o. 18Nyɔnu alo ŋutsu#23.18: Alo ŋutsu si dɔ kple ŋutsu ƒe ahasiho. aɖeke megatsɔ ahasiwɔga va xe eƒe adzɔgbeɖefe le Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒeme o. Nu eve siawo wɔlawo nye ŋunyɔ na Aƒetɔ.
19 #
Mos II, 22.25; Mos III, 25.36, 37; Mos V, 15.7-11. “Ne èdo ga, nuɖuɖu alo nu bubu aɖe si dzi woxɔa deme ɖo la na nɔviwò Israelvi la, wò ya mègaxɔ deme ɖe edzi o. 20Àte ŋu axɔ deme le du bubu me tɔwo ya si, ke mègaxɔe le nɔviwò Israelvi si o. Ne èwɔ se sia dzi la, Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra ɖe nu siwo katã nèwɔ dɔ kpɔ la dzi, le anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.
21 #
Mos IV, 30.1-16; Mat 5.33. “Ne èɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, mia Mawu la la, mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabe abiae tso asiwò me kokoko. Ne mèwɔ edzi o la, èwɔ nuvɔ̃. 22Ne mèɖe adzɔgbe o la, mèwɔ nuvɔ̃ o, 23evɔ ne ènya ke nu ɖe adzɔgbe le ɖokuiwò si na Aƒetɔ ya ko la, kpɔ gbɔ nàwɔ edzi godoo.
24“Ne èzɔ to hawòvi ƒe waingble me yina la, èkpɔ mɔ aɖu tsetseawo ale si nu dzro wò va se ɖe esime nèɖi ƒo, ke mègatsɔ ɖeke ɖe naneke me dzoe o. 25Ne èzɔ to hawòvi ƒe mɔligble me yina la, àte ŋu atsɔ asi aƒlɔ mɔlikuawoe, ɖeko mègatsɔ nuŋehɛ si mɔli lae o.”
Currently Selected:
Mose V 23: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.