Bible App logo
Search Icon

Mose V 22

22
1 # Mos II, 23.4, 5. “Ne nɔviwò Israelvi aɖe ƒe nyi alo alẽ tra mɔ nèkpɔ la, mègato eŋu yi o; kplɔe yi nɛ. 2Ne nɔviwòa mele kpuiƒe o alo mènya eyama o la, ekema kplɔ alẽa yi aƒewò me. Nà wòanɔ gbɔwò va se ɖe esime nutɔa nava bia eta eye nàɖe asi le eŋu nɛ. 3Wɔ alea ne èfɔ eƒe tedzi, eƒe avɔ alo nu bubu ɖe sia ɖe. Mègato nua ŋu yi o. 4Ne nɔviwò Israelvi aɖe ƒe tedzi alo nyi dze anyi ɖe mɔ dzi nèkpɔ la, mègato eŋu yi o; ke boŋ kpe ɖe nɔviwòa ŋu ne miafɔ lãa ɖe tsitre.
5“Nyɔnu aɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsu aɖeke hã megado nyɔnuwu o, elabe nu sia wɔlawo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, wò Mawu la.
6“Ne èfɔ xevitɔ si me vi alo azi le, le ati aɖe dzi alo anyigba, eye dadaa tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, mègalé dadaa kple viawo siaa o. 7Àte ŋu alé viawo ya, ke ɖe asi le wo dada ŋu ne nànɔ agbe didi eye nu nanyo na wò.
8“Ne ètu xɔ yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame ŋu, ale be ame aɖeke nagava ge tso afi ma ne wò kple wò aƒe miaxe hlɔ̃fe o.
9 # Mos III, 19.19. “Mègaƒã nuku bubu aɖeke ɖe wò waingble me kpe ɖe wò wain la ŋu o. Ne èwɔe la, agble bliboa, nuku si nèƒã kple waintsetseawo siaa, azu kɔkɔeƒe la tɔ. 10Mègabla nyitsu kple tedzi ɖe agbleŋlɔmɔ̀ ɖeka ŋu ne woaŋlɔ agble na wò o. 11Mègata avɔ si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsyaka lɔ̃ la o.
12 # Mos IV, 15.37-41. “De gbo avɔ si nètsyɔna la ƒe dzogoe eneawo ŋu.”
Se siwo ku ɖe ŋutsu kple nyɔnu ƒe anyinɔnɔ dzadzɛ ŋu
13“Ame aɖe aɖe srɔ̃, emegbe magadi be yeaɖee o, 14eye wòade asi ŋukpenanyawo gbɔgblɔ me ɖe nyɔnua ŋu anɔ eŋkɔ gblẽm be yemekpɔe le aƒe o. 15Ne esia dzɔ la, nyɔnuvia dzilawo netsɔ abadzivɔ si fia be wokpɔ nyɔnuvia le aƒe la yi dumegãwo gbɔ le ʋɔnu. 16Nyɔnuvia tɔ́a nagblɔ na ame tsitsiawo be: ‘Metsɔ vinye nyɔnuvi sia na ŋutsu sia wòɖe, ke fifia la, ebe yemegale edim o. 17Egblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu be yemekpɔe le aƒe o. Evɔ vinyea ƒe abadzivɔ si fia be ekpɔe le aƒe lae nye esi.’ Akeke abadzivɔ la me ne ame tsitsiawo woakpɔ. 18Ekema dumegãawo nalé ŋutsua, aƒoe. 19Hekpe ɖe esia ŋu la, woana wòaxe klosaloga alafa ɖeka na nyɔnuvia tɔ́a elabe egblẽ Israel-ɖetugbi ƒe ŋkɔ. Ke ɖetugbia ganye srɔ̃a kokoko, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbenɔɣi o. 20Evɔ ne enye nyateƒe be womekpɔ nyɔnuvia le aƒe o la, 21ekema wonekplɔ nyɔnuvia yi tɔ́a ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo neƒu kpee wòaku, elabe ewɔ ŋukpenanu le Israel: ede ŋutsu gbɔ, esime wònɔ tɔ́a ƒeme, hafi ɖe srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.
22“Ne wolé ŋutsu aɖe wòle asi dem nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsua kple nyɔnua siaa. Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le Israel.
23“Ne wobia nyɔnuvi aɖe ta, eye ŋutsu aɖe lée le du me hede asi eŋu la, 24mikplɔ wo kple eve la yi dua godo ne miaƒu kpe wo, woaku. Woawu nyɔnuvia elabe du mee ŋutsua lée le gake medo ɣli ne woaxɔ nɛ o. Woawu ŋutsu la, elabe egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.
25“Ke nenye gbe mee ŋutsu aɖe lé nyɔnuvi aɖe si ta wobia la le sesẽe de asi eŋu la, ekema woawu ŋutsua ɖeɖe ko. 26Migawɔ naneke nyɔnuvia o, elabe mewɔ vɔ̃ si dze ku o. Nya sia sɔ kple ale si ame adze nɔvia dzi awui la ƒe nya. 27Gbe mee ŋutsua lé nyɔnuvia le sesẽe hede asi eŋu, eye togbɔ be edo ɣli hã la, ame aɖeke meli axɔ nɛ o.
28 # Mos II, 22.16, 17. “Ne ŋutsu aɖe alé nyɔnuvi aɖe si ta womebia o la sesẽe ade asi eŋu, eye woalé wo la, 29ŋutsua naxe klosaloga bla atɔ̃ na nyɔnuvia tɔ́a, eye wòaxɔe aɖe, elabe ɖe wòlée sesẽe de asi eŋu. Mekpɔ mɔ aɖe asi le nyɔnua ŋu le eƒe agbenɔɣi o.
30 # Mos III, 18.8; 20.11; Mos V, 27.20. “Ame aɖeke megade asi tɔ́a srɔ̃ ŋu alo aklo avɔ le tɔ́a srɔ̃ ŋu o.#22.30: Esia nye Ta 23.1 le Hebri Biblia me.

Currently Selected:

Mose V 22: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in