Mose V 21
21
Amedzro kuku si wofɔ ŋu ɖoɖowo
1“Ne wofɔ ame kuku aɖe le gbe me le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, eye womenya ame si wui o la, 2ele be wò ame tsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nayi ɖadzidze teƒe si ame kuku la le kple du siwo ƒo xlãe la dome. 3Du si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ wu la me ame tsitsiwo nana nyinɔvi ɖeka si mewɔ dɔ kpɔ o la. 4Ame tsitsiawo nakplɔ nyinɔvi la yi bali si me tɔ makumaku aɖe tsa to, afi si womede agble ɖo alo ƒã nu ɖo o la me, eye woaŋe kɔ le nyinɔvi la nu le afi ma. 5Levitɔ nunɔlawo hã ayi afi ma elabe woawoe drɔ̃a dzrewɔnya kple avuwɔnya ɖe sia ɖe hetsoa nya me. Aƒetɔ, mia Mawu la, tia wo be woasubɔ ye, eye woabia yayra na ame le ye ŋkɔ me. 6Du si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ wu la ƒe ame tsitsiawo katã aklɔ asi ɖe nyinɔvi si nu woŋe kɔ le la dzi 7agblɔ be: ‘Menye míawoe wu ame sia o, eye míenya ame si wui hã o. 8Aƒetɔ, tsɔ esia ke wò dukɔ Israel si nèxɔ ɖe agbe tso Egipte. Tsɔe ke eye mègabia ame si wu ame maɖifɔ sia ƒe hlɔ̃ mí o.’ 9Ne èdi be yeawɔ nu si Aƒetɔ di be nàwɔ la, ekema ɖe ʋu maɖifɔ ɖa le dowòme.
Nyɔnu siwo wolé le aʋa me la ŋu ɖoɖowo
10“Ne èkpe aʋa kple wò futɔwo, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, na nèɖu wo dzi heɖe aboyo wo dometɔ aɖewo, 11eye nèkpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe le wo dome si ƒe nu nyo ŋuwò, eye nèdi be yeaɖee la, 12ekema kplɔe yi aƒewò me. Na wòako ta, akpa fe, 13aɖe awu si wòdo hafi wolée la ɖi, ado bubu. Eyome netsi aƒewò me, eye wòafa tɔ́a kple nɔa ɣleti ɖeka sɔŋ. Le esia megbe la, èkpɔ mɔ aɖee miazu srɔ̃tɔwo. 14Ke ne nyɔnua ƒe nu megava nyo ŋuwò o la, àte ŋu aɖe asi le eŋu wòadzo ayi afi si wòlɔ̃. Esi nèzi edzi dɔ kplii ta la, mègakpɔ mɔ adzrae alo atsɔe wɔ wò kosii o.
Ŋgɔgbeviŋutsu ƒe domenyinyi ŋu ɖoɖowo
15“Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu eve, eye wo kple eve la siaa dzi viŋutsuwo nɛ, gake nyɔnu si melɔ̃na o la tɔe nye ŋutsua ƒe ŋgɔgbevi la, 16ne ɣeyiɣi de wòle be wòama eƒe nunɔamesiwo na viawo la, mekpɔ mɔ atsɔ srɔ̃a si wòlɔ̃na wu la ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevii ɖe srɔ̃a si melɔ̃na o la ƒe viŋutsu teƒe o. 17Esi srɔ̃a si melɔ̃na o la ƒe viŋutsue nye ŋgɔgbetɔ ta la, ele be wòama nuawo ale gbegbe be akpa si atu nyɔnu si melɔ̃na o ƒe ŋgɔgbevi nasɔ gbɔ wu nyɔnu si wòlɔ̃na la ƒe ŋgɔgbevi tɔ zigbɔzi eve. Eƒe alimevi gbãtɔe nye ŋutsuvi sia, eye etɔe nye domenyinu la le se nu.
Viŋutsu dzeaglãwo ŋu ɖoɖo
18“Ne viŋutsu dzeaglã, sẽto aɖe le ame aɖe si, si meɖoa to tɔ́a kple nɔa ƒe gbe o, wohe to nɛ ʋuu wòglo; egbe nusese. 19Ne eva eme alea la, dzilaawo nelée yi dumemetsitsiwo gbɔ, eye woakplɔe yi dutakpeƒe. 20Woagblɔ na ame tsitsiawo be: ‘Mía vi sia zu aglãdzela kple tosẽla; mesea míaƒe gbe o. Nu tsu ɖuɖu kple ahamumu koe nye eƒe dɔ.’ 21Ne wogblɔ nya sia vɔ la, dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku, ale be nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme. Israel katã nase nya sia eye vɔvɔ̃ naɖo wo.”
Se bubu vovovowo
22“Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ɖi aɖe si dze ku eye wowui, de ka ve nɛ tsi ɖe ati ŋu la, 23#Gal 3.13. mègagblẽ ame kukua ɖi ŋu nake o. Ɖii gbe ma gbe ke, elabe Mawu ƒo fi de ame si wode ka ve na heku ati. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò be nànyi eƒe dome la o.”
Currently Selected:
Mose V 21: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.