Bible App logo
Search Icon

Mose V 20

20
Aʋawɔwɔ ŋu nyawo
1“Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèkpɔ be woƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔwo sɔ gbɔ wu tɔwòwo la, mègavɔ̃ o. Aƒetɔ, wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte la li kpli wò. 2Hafi miakpe aʋa kple futɔwo la, nunɔla aɖe nedo yi aʋakɔ la ŋgɔ eye wòagblɔ na wo be, 3‘Israel, see! Egbe la, miele hoho ge ayi aʋa. Migavɔ̃ miaƒe futɔwo o; dzi megaɖe le mia ƒo o; dzidzi megaƒo mi o eye futɔawo megadzi ŋɔ na mi o, 4elabe Aƒetɔ, mia Mawu la, ayi kpli mi. Awɔ aʋa kple miaƒe futɔwo eye wòaɖu wo dzi na mi.’ 5Ekema aʋakplɔlawo agblɔ na aʋakɔ la be, ‘Ɖe ame aɖe le mia dome si tu xɔ yeye eye mekɔ eŋu, ʋu yi eme haɖe oa? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o la, ne etsi aʋa la, ame bubu akɔ xɔa ŋu, aʋu yi eme. 6Ɖe ame aɖe le mia dome si de waingble, eye meɖu eme nu aɖeke haɖe oa? Ne ɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o la, ne etsi aʋa la, ame bubu koe laɖu agblea me nu. 7Ɖe ame aɖe le mia dome si bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe oa? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o, ne etsi aʋa la, ame bubu koe laxɔ nyɔnua aɖe.’ 8Aʋakplɔlaawo agayi dzi be: ‘Ɖe ame aɖe le mia dome si le vɔvɔ̃ma? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe, ne menye nenem o, ava de vɔvɔ̃ lã me na wo tɔwo.’ 9Ne aʋakplɔlaawo ƒo nu kple aʋakɔ la vɔ la, ekema woaɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu.
10“Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu, eye nègogoe la, bia tso emenɔlawo si be woana ta. 11Ne wolɔ̃ na ta kpoo eye woʋu woƒe agbo na wò la, ekema zi wo katã dzi ne woanɔ dɔ wɔm na wò abe kluviwo ene. 12Ke ne wogbe be yewomana ta o, eye woho aʋa ɖe ŋuwò la, ekema ƒo xlã dua. 13Ne Aƒetɔ, wò Mawu na nèxɔ dua la, wu ŋutsu siwo katã le eme la kple yi. 14Ke kplɔ woƒe nyɔnuwo, ɖeviwo kple lãwo, eye nàha nu bubu siwo katã le dua me la na ɖokuiwò. Wɔ aboyonu siwo Aƒetɔ, wò Mawu la na wò la ŋudɔ faa. 15Aleae nàwɔ du siwo katã didi tso gbɔwò, eye womenye dukɔ siwo le afii ƒe duwo o la, hã. 16Ke le du siwo le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le tsɔtsɔm na wò dzi la, miwu ame sia ame le wo me. 17Mitsrɔ̃ Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ abe ale si Aƒetɔ, wò Mawu la gblɔ na wò be nàwɔ ene. 18Miwu wo keŋ ale be womaganɔ anyi afia ŋunyɔnu siwo wowɔna na woƒe mawuwo la wɔwɔ mi ne miawɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu o.
19“Ne èle aʋa wɔm kple du aɖe be yeaxɔe, eye nèle aʋaa dzi eteƒe didi la, mègatsɔ fía mu kutsetseti siwo le dua me o. Èkpɔ mɔ agbe atiawo ƒe tsetse faa; ke mègalã atiawo ŋutɔ ƒu anyi o. Agblemeti menye ame aho aʋa ɖe ame ŋu o. 20Ke àte ŋu agblẽ ati siwo ƒe tsetse womeɖuna o la. Miate ŋu alã wo atsɔ ƒu kpo ɖe dua ŋu va se ɖe esime nàɖu dzi, axɔ dua.”

Currently Selected:

Mose V 20: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in