Bible App logo
Search Icon

Mose V 3

3
Israelviwo ɖu fia Og dzi
(Mos IV, 21.31-35)
1“Emegbe míetrɔ ɖo ta Basan-nutome. Tete Og, Basan-fia kple eƒe amewo katã do va kpe mí le Edrei be yewoawɔ aʋa kpli mí. 2Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃e o. Matsɔ eya ŋutɔ, eƒe dukɔ blibo la kple eƒe anyigba ana wò. Wɔ eya hã abe ale si nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Xesbon la ene.’ 3Ale Aƒetɔ, mía Mawu la tsɔ Og, Basan-fia kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mí, eye míewu wo keŋkeŋ; ame aɖeke metsi agbe o. 4Le ɣe ma ɣi me la, míexɔ eƒe duwo katã; du aɖeke mesusɔ o. Du siwo katã míexɔ la le bla ade, eye wo katã le Argob-nutome, si nye Og, Basan-fia ƒe dziɖuƒe. 5Du siawo katã nye du sesẽwo. Wo ŋu gliwo kɔ, eye wode agbo kple gameti wo nu. Kɔƒe geɖe siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la hã kpe ɖe wo ŋuti. 6Míetsrɔ̃ du sia du me tɔwo. Míewu ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, abe ale si míetsrɔ̃ Sixon-fia si nɔ Xesbon la ƒe duwo me tɔwo ene. 7Ke míelé lãwo katã, eye míelɔ aboyonuwo le duawo me tsɔ dzoe. 8Ale míexɔ anyigba si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu va se ɖe Xermon-to gbɔ le Amori-fia eveawo si. 9(Sidontɔwo yɔa Xermon-to la be Sirion, ke Amoritɔwo ya yɔnɛ be Senir.) 10Míexɔ Og, Basan-fia, ƒe dziɖuƒewo katã. Míexɔ du siwo le tagba, Gilead kple Basan-nutowo katã me yi ɖado ɖe Salxa kple Edrei. 11(Ame dzɔtsu mamlɛtɔ si susɔ lae nye Og, Basan-fia. Eƒe gabati didi meta ene, eye wòkeke meta eve. Gabati sia gale Amon-du Raba me va se ɖe egbe.)
To siwo tsi Yordan ƒe ɣedzeƒe gome
(Mos IV, 32.1-42)
12“Esi míexɔ anyigba si katã le Arnon-tɔʋu ŋu le Aroer-du ƒe dzigbeme la, metsɔ Gilead-tonyigba ƒe afã kple du siwo le edzi la na Ruben viwo kple Gad viwo. 13Metsɔ Gilead-nyigba ƒe akpa si susɔ kple Basan bliboa si nye Og ƒe dziɖuƒe tsã la na Manase ƒe to afã si le ɣedzeƒe gome.” Woyɔa Basan-nyigba bliboa be Rafaim alo ame dzɔtsuwo ƒe anyigba. 14Yair, Manase vi, xɔ Argob-nyigba blibo la va se ɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi. Etsɔ eya ŋutɔ ŋkɔ na kɔƒe siwo le afi ma ale be eŋkɔ Yair, tsi kɔƒeawo ŋu va se ɖe egbe. 15Metsɔ Gilead na Maxir ƒe aƒekɔ. Aƒekɔ sia tso Manase ƒe to me. 16Metsɔ anyigba si tso Gilead va se ɖe Arnon-tɔʋu nu la na Ruben viwo kple Gad viwo. Tɔʋua titinae nye woƒe anyigbemeliƒo, eye dzigbemeliƒo lae nye Yabok-tɔʋu. Liƒo sia ƒe akpa aɖe nye Amonviwo ƒe liƒo. 17Le ɣetoɖoƒe gome la, woƒe anyigba va ɖo Yordan-tɔsisi ŋu. Etso Galilea-ƒu nu le dzigbeme va de nu Ƒukuku me le anyigbeme gayi ɖado ɖe Pisga-to ƒe aga nu le ɣedzeƒe gome.
18 # Yos 1.12-15. “Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na mi be: ‘Aƒetɔ, mía Mawu la tsɔ anyigba sia, si le Yordan ƒe ɣedzeƒe la na mi wòzu mia tɔ. Azɔ la, miaƒe kalẽtɔwo katã nebla akpa ne woadze mia nɔvi Israelvi bubuawo ŋgɔ. 19Mia srɔ̃wo kple ɖeviwo kpakple miaƒe lãwo ko natsi du siwo mena mi la me elabe menya be lã geɖe le mia si. 20Miele kpekpe ge ɖe mia nɔvi Israelvi mamlɛawo ŋu va se ɖe esime woaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe, eye wòana woanɔ ŋutifafa me abe ale si wòwɔ na mi le afii ene. Emegbe la mia dome ame sia ame atrɔ gbɔ va anyigba si mena mi la dzi.’ 21Tete megblɔ na Yosua be: ‘Wò ŋutɔ èkpɔ nu siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu wɔ Sixon kple Og fia eveawo. Nenema tututu Aƒetɔ awɔ ame siwo katã ƒe anyigba me yi ge nàla la hãe. 22Mègavɔ̃ wo o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu lae wɔa aʋa na mi.’
Aƒetɔ meɖe mɔ na Mose wòge ɖe Kanaan-nyigba dzi o
23 # Mos IV, 27.12-14; Mos V, 32.48-52. “Le ɣe ma ɣi me la, medo gbe ɖa, ƒo koko na Aƒetɔ be: 24‘O Aƒetɔ Mawu, èna medze nu dzɔtsu kple nukunu siwo wɔ ge nàla la kpɔkpɔ gɔme xoxo. Ɖe mawu aɖe le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ dɔ siawo kple nu dzɔtsu siwo nèwɔna laa? 25Meɖe kuku, ɖe mɔ nam ne matso Yordan-tɔsisi la ado ɖe egodo be makpɔ anyigba nyui si le afi ma kple tonyigba si nyakpɔna kpakple Lebanon-towo ɖa dzro.’ 26Ke le mia ta la, ɖeko Aƒetɔ do dziku ɖe ŋunye, eye medi be yease nye nya aɖeke o. Ɖeko wògblɔ nam boŋ be: ‘Ema sɔ gbɔ na wò! Mègado nya ma ɖe gbɔnye azɔ o! 27Yi Pisga-to tame, eye nàkpɔ ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyigbeme kple dzigbeme ɖa. Lé ŋku ɖe nu siwo nàkpɔ la ŋu nyuie, elabe mèle Yordan-tɔsisi sia tso ge o. 28Gblɔ nya si le asiwò la na Yosua. De dzi ƒo nɛ, eye nàdo ŋusẽe elabe eyae akplɔ dukɔ sia atso Yordan ayi anyigba si kpɔm nèle la dzi.’ 29Ale míetsi bali la me le du si dze ŋgɔ Bet-Peor la.”

Currently Selected:

Mose V 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in