Bible App logo
Search Icon

Mose V 17

17
1“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si nane wɔ afi aɖe na la sa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la o; enye ŋunyɔnu nɛ.
2“Àse le miaƒe du aɖe me be ŋutsu alo nyɔnu aɖe wɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, eye wòtu eƒe nubabla la, 3#Mos II, 22.20.eye wòyi ɖasubɔ mawu bubu aɖe, abe ɣe, ɣleti alo dziŋgɔli ŋu nuwo ene, hede ta agu na wo. 4Ne nya sia ɖi nèse le ame aɖe ŋu la, ka eme tsitotsito. Ne ele me tututu be ewɔ nuvɔ̃ɖi sia le Israel la, 5ekema kplɔ ŋutsu alo nyɔnu sia yi dua godo ne miaɖaƒu kpee wòaku. 6#Mos IV, 35.30; Mos V, 19.15; Mat 18.16; Kor II, 13.1; Tim I, 5.19; Heb 10.28. Ke hafi woaƒu kpee la, ele be ame eve alo etɔ̃ naɖi ɖase be nya la le eme vavã. Ame ɖeka megaɖi ɖase le eŋu ko woawui o. 7#Kor I, 5.13. Ɖasefoawo natre kpea ƒuƒui, eyome ameha blibo la asɔ ɖe eŋu aƒu kpee wòaku. Ɖe nuvɔ̃ɖi sia ɖa le dowòme.
8“Anɔ me be amewunya, dzrewɔnya, avuwɔnya alo nya bubu aɖe dɔdrɔ̃ asesẽ na ʋɔnudrɔ̃la siwo le wò duwo me. Ne eva eme alea la, ekema yi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia la. 9Nàtsɔ nya la aɖo nunɔla Levitɔwo kple ʋɔnudrɔ̃la si li le ɣe ma ɣi me la ŋkume, be woadrɔ̃ na wò. 10Xɔ nyametsotso si woana le afi ma, eye wɔ nu si woadi tso asiwò be nàwɔ la pɛpɛpɛ. 11Zɔ ɖe woƒe nyametsotsoa nu tututu; megadze ɖe miame alo ɖusime o. 12Ne ame aɖe gbe nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotsoa la, woawui be nàɖe nuvɔ̃ɖi sia ɖa le Israelviwo dome. 13Emegbe mina Israelviwo katã nasee, avɔ̃, ale be dzi magable wo dometɔ aɖeke wòawɔ nu ma tɔgbe azɔ o.”
Nufiafia le fiaɖoɖo ŋuti
14 # Sam I, 8.5. “Ne èva ɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le na wò ge dzi, eye nèxɔe wòzu tɔwò, eye nètso duwo ɖe edzi vɔ la, adzro wò be nàɖo fia na ɖokuiwò abe dukɔ siwo ƒo xlã wò ene. 15Kpɔ egbɔ be ame si nàɖo la nanye ame si Aƒetɔ, wò Mawu la, tia na wò la. Ele be amea nanye mia detɔ. Mègaɖo du bubu me tɔ, ame si menye nɔviwò la, fia ɖe nuwò o. 16#Fia I, 10.28; Kron II, 1.16; 9.28.Sɔwo megasɔ gbɔ le fia la si o, eye megaɖo amewo ɖe Egipte be woayi ɖaƒle sɔwo vɛ na ye o, le esi Aƒetɔ gblɔ na mi be miekpɔ mɔ agagbugbɔ ava to mɔ sia dzi gbeɖe o la ta. 17#Fia I, 11.1-8; Fia I, 10.14-22, 27; Kron II, 1.15; 9.27.Fia la negaɖe srɔ̃ geɖe o, elabe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ana eƒe dzi aɖe ɖa le Aƒetɔ ŋu. Nenema ke klosalo kple sika geɖe hã meganɔ esi o.
18“Ne fia la va zi dzi la, nena nunɔla Levitɔwo nagbugbɔ segbalẽ la aŋlɔ nɛ. 19Agbalẽ sia anɔ esi wòanɔ xexlẽm le eƒe agbenɔɣi katã, ale be wòanya ale si wòavɔ̃ Aƒetɔ, eƒe Mawu la, eye wòate ŋu alé eƒe se kple ɖoɖo siawo katã me ɖe asi ahawɔ wo dzi. 20Esia ana be mado eɖokui ɖe dzi abu be yenyo wu ye nɔvi Israelvi bubuawo, eye wòagbe toɖoɖo Mawu ƒe se la le mɔ aɖeke nu o. Ekema anɔ agbe aƒo wɔ ɖe aɖu ŋu, eye eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa anɔ zi dzi eteƒe adidi le Israel-dukɔ me.”

Currently Selected:

Mose V 17: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in