Bible App logo
Search Icon

Mose V 16

16
Ŋutitoto la
(Mos II, 12.1-20)
1 # Mos II, 12.1-20; Mos III, 23.5-8; Mos IV, 28.16-25. “Ɖo ŋku nuŋeɣleti Abib dzi, eye nàɖu Paska na Aƒetɔ, wò Mawu le ɣe ma ɣi me, elabe nuŋeɣleti mee Aƒetɔ, mia Mawu la, kplɔ wò dzoe le Egipte le zã me. 2Yi mawusubɔƒe ɖeka si Aƒetɔ atia la, eye nàwu alẽ alo nyi ɖeka hena Paska la ɖuɖu na Aƒetɔ, wò Mawu la. 3Mègatsɔ abolo si me wode aboloʋãnui la ɖu nu lae o. Ɖu abolo si me womede aboloʋãnui o ŋkeke adrẽ abe ale si nèwɔ esime nènɔ kplakplakpla dzi ʋu dzo le Egipte-nyigba dzi ene. Ɖu abolo sia, si woana ŋkɔ be fukpekpebolo la, ale be wòanɔ ŋku ɖom gbe si gbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la dzi na wò le wò agbenɔɣi katã. 4Aboloʋãnu aɖeke meganɔ wò anyigba blibo la dzi le ŋkeke adrẽawo me o. Lã si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, navɔ keŋkeŋ gbe ma gbe ke; ɖeke megatsi anyi ŋu nake o. 5Màte ŋu awu Paska lã la le du sia du si Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ na wò la me o; 6“ke boŋ wui le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia be ye ŋkɔ nanɔ la ko. Afi ma nàwɔ ŋutitotovɔsa la le. Wɔe le fiẽ me, ne ɣe le to ɖom le ɣe si ɣi nèʋu tso Egipte. 7Ɖa nua ɖu le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la, eye ne ŋu ke ŋdi la, gbugbɔ yi wò xɔnu. 8Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke ade. Ŋkeke adrẽlia anye takpegbe kɔkɔe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Ame aɖeke negawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.”
Nuŋeŋkeke Nyui la
(Mos II, 34.22; Mos III, 23.15-21)
9 # Mos III, 23.15-21; Mos IV, 28.26-31. “Xlẽ kwasiɖa adrẽ tso gbe si gbe wodze nukuwo ŋeŋe gɔme, 10eye nàɖu Nuŋeŋkeke Nyui tsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋu. Na nu faa abe ale si Aƒetɔ, wò Mawu la yra wò nèkpɔe la ene. 11Na wò ŋutɔ, viwò ŋutsu kple viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu kple dɔlanyɔnuwo, Levitɔ si le wò du me, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le wò du me la katã, miakpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋkume le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la. 12Lé se siawo me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi. Ɖo ŋku edzi ɖaa be yenye kluvi kpɔ le Egipte.”
Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui
(Mos III, 23.33-43)
13 # Mos III, 23.33-36, 39-43; Mos IV, 29.12-38. “Ne èɖe wò bli ƒo ƒu vɔ, eye nèfiã wain vɔ la, ɖu Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui. Ɖui ŋkeke adrẽ. 14Kpɔ dzidzɔ le ŋkekenyui sia dzi kple viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, Levitɔ, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le wò duwo me la. 15Ɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adrẽ tsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu la ŋu le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la. Mi katã mikpɔ dzidzɔ ale si miate ŋui, elabe Aƒetɔ yra wò agblemenukuwo kple wò asinudɔwo katã.
16“Na wò ŋutsuwo katã nava subɔ Aƒetɔ, wò Mawu la zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe si wòatia la. Woneva le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui ɖuɣi, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui ɖuɣi kple Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui ɖuɣi. Womegava Aƒetɔ ŋkume asi ƒuƒlu o; 17ame sia ame netsɔ nunana aɖe ɖe asi va na, le ale si Aƒetɔ, wò Mawu la, yrae la nu.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu ɖoɖowo
18“Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo le miaƒe toawo me le du siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu la ana wò la me. Ame siawo nadrɔ̃ ʋɔnu ameŋkumemakpɔtɔe. 19#Mos II, 23.6-8; Mos III, 19.15. Wonedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye womegade akpa aɖeke dzi o. Womegaxɔ zãnu o, elabe zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kple nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã, eye wotsoa afia ŋkunɔ. 20Nɔ nya dzɔdzɔe ko yome, ne nànɔ agbe, anyi anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le na wò ge la ƒe dome.
21 # Mos II, 34.13. “Ne èɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, wò Mawu la la, migatu nyɔnumawu Asera ƒe ati ɖe egbɔ o. 22#Mos III, 26.1.Mègaɖi aƒeli aɖeke o, elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, lé fui.

Currently Selected:

Mose V 16: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in