Bible App logo
Search Icon

Mose V 18

18
Nu siwo anye nunɔlawo tɔ
1“Levi-to blibo la, si nye nunɔlawo ƒe to la, maxɔ anyigba aɖeke le Israel-dukɔa me o. Le esia ta woanɔ agbe ɖe nu siwo to bubuawo ava nɔ Mawu nam alo atsɔ va nɔ vɔ sam na Mawu la ko ŋu. 2#Mos IV, 18.20.Womaxɔ anyigba abe to bubuawo ene o. Woƒe gome koe nye be wokpɔ mɔnu anye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo abe ale si Aƒetɔ ŋutɔ do ŋugbe na wo ene. 3Nu siwo woaxɔ tso dukɔ la gbɔ la woe nye esiwo gbɔna: Ne wowu nyi alo alẽ tsɔ sa vɔe la, woatsɔ lã la ƒe abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo. 4Woatsɔ agblemenuku, wain kple ami ŋgɔgbetɔwo kpakple alẽfu si wokó gbã la na wo. 5Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋutɔe tia wo le toawo katã dome be woawo kple wo viŋutsuwo siaa nanye yeƒe nunɔlawo, anɔ amewo subɔm le ye ŋkɔ me tegbee.
6“Ne Levitɔ aɖe tso Israel-du aɖe si mele Israel o la me, afi si wònye amedzro le, va, le eya ŋutɔ ƒe didi nu la, ekpɔ mɔ ayi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ atia la faa, 7aɖasubɔ Aƒetɔ, abe nunɔla ene, le afi ma, abe nɔvia Levitɔ bubu siwo katã le afi ma la ene. 8Eya hã axɔ nuɖuɖu la wòasɔ kple wo tɔ Levitɔwo tɔ. Ne eƒe ƒometɔwo dzra woƒe ƒomenu aɖe eye wotsɔ akpa si nye etɔ la vɛ nɛ hã la, ekpɔ mɔ axɔ nuɖuɖu wòasɔ kple wo tɔ nunɔla Levitɔwo tɔ.
Sedede le trɔ̃subɔsubɔ kɔnuwo ŋuti
9“Ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le na wò ge dzi la, mègakpɔ ŋunyɔnu siwo dukɔ ma me tɔwo wɔna la wɔ o. 10#Mos III, 19.26; Mos II, 22.18. Mia dometɔ aɖeke megatɔ dzo via ŋutsu alo nyɔnu abe vɔsa ene o. Nenema ke bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzotɔ, 11#Mos III, 19.31.dzoɖuametɔ, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ mia dome o. 12Ame siawo ƒomevi ɖe sia ɖe nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, eye ŋunyɔnu siawo wɔwɔ tae wòle dukɔ siwo le mia ŋgɔ la nyàm ɖa ɖo. 13#Mat 5.48. Mokaka aɖeke meganɔ mia ŋu le Aƒetɔ, mia Mawu la gbɔ o.
Aƒetɔ do ŋugbe be yeaɖo yeƒe gbeƒãɖela aɖe ɖa
14“Elabe dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge nèle la me tɔwo xɔ bokɔnɔwo kple afakalawo dzi se ŋutɔ; ke wò la, Aƒetɔ, wò Mawu meɖe mɔ be nàwɔ nenema o.
15 # Dɔw 3.22; 7.37. “Aƒetɔ, wò Mawu la le eƒe gbeƒãɖela aɖe abe nye ene fɔ ge ɖe te tso miawo ŋutɔ dome. Miɖo toe. 16Gbe si gbe miekpe ta le Xoreb gbɔ la, mieɖe kuku be yewomedi be yewoagase Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe loo, alo akpɔ dzobibi gã la o, ne menye nenem o la, yewoava ku. 17Tete Aƒetɔ gblɔ nam be, ‘Wogblɔe ɖe eteƒe. 18Mele gbeƒãɖela aɖe si le abe wò ene la fɔ ge ɖe te tso woawo ŋutɔ nɔviwo dome na wo. Magblɔ nya siwo medi be magblɔ la nɛ wòayi ɖagblɔ na wo. 19#Dɔw 3.23.Aƒo nu le nye ŋkɔ me, eye ame si maɖo to eƒe nyawo o la, mahe to nɛ. 20Ne gbeƒãɖela aɖe do eɖokui ɖe dzi eye wògblɔ nya si nyemegblɔ nɛ o le nye ŋkɔ me la, woawui. Nenema ke ne gbeƒãɖela aɖe gblɔ nya aɖe le mawu bubu aɖe ƒe ŋkɔ me la, woawu eya hã.’ 21Ɖewohĩ àbia le ɖokuiwò me be, ‘Ale ke mawɔ anya be nya sia la, menye Aƒetɔ lae gblɔe o?’ 22Ne gbeƒãɖela aɖe gblɔ nya le Aƒetɔ ŋkɔ me, gake nya la meva eme o alo nye nyateƒe o la, ekema menye Aƒetɔ lae gblɔe o; gbeƒãɖela ma ŋutɔe kpa nya la gblɔ eya ta migavɔ̃ na eyama o.

Currently Selected:

Mose V 18: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in