Mose V 15
15
Ƒè adrẽlia
(Mos III, 25.1-7)
1“Le ƒè adrẽlia sia ƒe adrẽlia ƒe nuwuwu la, ele be ame sia ame natsɔ fe si woɖu le eŋu la ake. 2Ale si miatsɔ fea ake lae nye esi: Ne ame aɖe do ga na nɔvia Israelvi la, ele be wòatsɔ fea akee; mekpɔ mɔ alĩi o elabe Aƒetɔ ŋutɔ na woɖe gbeƒã be wotsɔ fe ke. 3Èkpɔ mɔ alĩ fe amedzro ya, gake mègalĩ nu si nèdo na nɔviwò Israelvi la ƒe fee o. 4Ke ame dahe aɖeke manɔ mia dome o elabe Aƒetɔ ayra mi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la tsɔ na mi wònye domenyinu si zu mia tɔ la dzi 5nenye be àɖo to Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe, akpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, awɔ se siwo katã mede na mi egbe la dzi. 6Elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò abe ale si wòdo ŋugbe ene, ale be nàdo nu na dukɔ geɖewo gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana o. Àɖu dukɔ geɖewo dzi, ke woawo makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.
7 #
Mos III, 25.35. “Ne nɔvi Israelvi aɖe da ahe le wò du aɖe me le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na mi la dzi la, mègasẽ dzime, agbe kpekpe ɖe eŋu o. 8Ke boŋ ʋu asiwò me, ne nàdo nu nɛ le ale si hiãe la nu. 9Kpɔ nyuie! Ame aɖeke negatsɔe be ƒè adrẽlia gogo, eye wole fe tsɔ ge ake ta, ne ehavi xaxa heva bia be nedo nane na ye la, wòawɔ dɔmevevi le eŋu agbe edodo nɛ o. Ne èwɔ esia, eye wòfa konyi na Aƒetɔ ɖe ŋuwò la, woabu fɔ wò. 10Ke boŋ na nu lae faa, megave wò be yenae o. Elabe ne èwɔ esia la, Aƒetɔ, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã kple nu siwo nèwɔ dɔ kpɔ la siaa. 11#Mat 26.11; Mar 14.7; Yoh 12.8.Nɔvi Israelvi aɖe le ahe da ge godoo le anyigba la dzi, eya ta mele gbɔgblɔm na wò be ʋu asi me, ne nàna nu nɔvi si hiã tu la.”
Nɔnɔ ɖe kluviwo ŋu
(Mos II, 21.1-11)
12 #
Mos III, 25.39-46. “Ne nɔviwò Israel-ŋutsu alo nyɔnu dzra eɖokui na wò kluvii la, na wòasubɔ wò ƒe ade. Le ƒè adrẽlia me la, ɖe asi le eŋu wòadzo. 13Ne èɖe asi le eŋu la, mègana wòayi asi ƒuƒlu o. 14Ke boŋ kɔ dɔme nàdo mɔe kple alẽ, bli kple wain siwo Aƒetɔ, mia Mawu la, yra wò nèkpɔ la. 15Ɖo ŋku edzi be wò hã nènye kluvi kpɔ nɔ Egipte-nyigba dzi, eye Aƒetɔ, wò Mawu la na woɖe asi le ŋuwò nèdzo, eya ta mele se sia dem na wò ɖo. 16Ke ne ebe yemadzo le gbɔwò o, elabe elɔ̃ wò kple wò aƒemetɔwo, eye gbɔwò nɔnɔ sɔ nɛ la, 17kplɔe yi wò ʋɔtru ŋu, eye nàtsɔ nuŋɔnui ŋɔ to nɛ ɖe ʋɔtrua ŋu ekema ezu wò kluvi va se ɖe eƒe kugbe. Wɔ nu sia na wò kosiwo hã. 18Ne èɖe asi le wò kluvi ŋu wòdzo le gbɔwò la, megave wò o; esubɔ wò ƒe ade sɔŋ, eye èkpɔ viɖe le eŋu zigbɔzi eve wu apadɔwɔla. Ɖe asi le eŋu, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò le dɔ siwo katã nàwɔ la me.
Nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo
19 #
Mos II, 13.12. “Tsɔ wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la na Aƒetɔ, wò Mawu la. Mègana nyitsua nawɔ dɔ na wò o, eye mègako fu le agboa ŋu hã o. 20Le ƒè sia ƒè ƒe nuwuwu la, wò kple wò aƒemetɔwo miaɖu wo le mawusubɔƒe si Aƒetɔ atia la le eŋkume. 21Ke ne nu wɔe, eƒe afɔ gblẽ alo eƒe ŋku gbã, alo nu manyatalenu aɖe wɔe la, ekema mègatsɔe sa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la o. 22Àte ŋu aɖu lã siawo tɔgbe le wò duwo me faa. Ame si ŋu mekɔ o kple ame siwo ŋu kɔ la siaa kpɔ mɔ aɖui, abe ale si mieɖua sẽ kple zi ene. 23#Mos I, 9.4; Mos III, 7.26, 27; 17.10-14; 19.26; Mos V, 12.16, 23.Ke miekpɔ mɔ aɖu woƒe ʋu ya o. Kɔe ɖe anyigba abe tsi ene.
Currently Selected:
Mose V 15: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.