Mose V 14
14
Ame kuku ŋu kɔnuwo tsitsri
1 #
Mos III, 19.28; 21.5. “Aƒetɔ, mia Mawu la, viwo mienye. Eya ta ne miele konyi fam na ame kuku la, migasi ŋuti na mia ɖokui o. Migalũ ta kolikoli hã o. 2#Mos II, 19.5, 6; Mos V, 4.20; 7.6; 26.18; Tito 2.14; Pet I, 2.9. Dukɔ kɔkɔe mienye na Aƒetɔ, mia Mawu la. Eya ŋutɔe tia mi tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi be mianye ye tɔ.”
Lã siwo ŋu kɔ kple esiwo ŋu mekɔ o
(Mos III, 11.1-47)
3“Mègaɖu naneke si nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ o. 4Lãfɔne siwo nèkpɔ mɔ aɖu la woe nye: nyi, alẽ kple gbɔ̃, 5zi, sẽ, fie, agamegbɔ̃, avugbɔ̃e, tò kple adzɔke. 6Mikpɔ mɔ aɖu lãfɔne siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu ɖuna. 7Lãfɔne siwo dzɔa nu ɖuna, gake woƒe afɔkli me mefe o la ŋu mekɔ o, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. Woawoe nye: kposɔ, fɔmizi kple xɔfie. 8Migaɖu ha o elabe togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu ɖuna o, eya ta eŋu mekɔ o. Migaɖu lãfɔne siawo ƒe lã o, eye migaka asi woƒe kukua gɔ̃ hã ŋu o.
9“Miekpɔ mɔ aɖu tɔmelã siwo katã ŋu tsiléti alo tsro le la. 10Ke tɔmelã siwo katã ŋu tsiléti alo tsro mele o la, ŋu mekɔ o, eya ta migaɖu wo o.
11“Miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. 12Ke wo dometɔ siwo miekpɔ mɔ aɖu o lae nye: hɔ̃, akpo, gbagblaxetsu, 13doɖi, aʋako kple ayisu ƒomeviwo. 14Migaɖu akpavia ƒomevi aɖeke o. 15Migaɖu tsatsaboli, sagbadre, tsalɛ kple xe ƒonu bubu ƒomevi vovovowo o. 16Migaɖu ʋlukuku, favieʋuto, aŋɔɣi, 17aluge, akaga, tsimesẽ, 18damixe, ako ƒomevi vovovoawo, agudzixe kple drui o. 19Nu dzodzoewo katã nye nu makɔmakɔwo eya ta migaɖu wo o. 20Ke miekpɔ mɔ aɖu nu siwo katã dzona, eye womenye nu makɔmakɔwo o la ya.
21 #
Mos II, 23.19; 34.26. “Migaɖu lã aɖe si ku le eɖokui si la o. Miate ŋu atsɔe na amedzro siwo le miaƒe du me alo adzrae na du bubuwo me tɔwo. Ke miawo la, Aƒetɔ, mia Mawu la, tɔ mienye. Dukɔ kɔkɔe mienye nɛ.
“Migaɖa gbɔ̃vi le nɔa ƒe notsi me o.”
Se siwo ku ɖe nu ƒe akpa ewolia nana ŋuti
22 #
Mos III, 27.30-33; Mos IV, 18.21. “Ɖe wò agblemenuwo ƒe ewolia ɖe aga ƒè sia ƒè. 23Emegbe nàtsɔ wo ayi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia be woasubɔ ye le la. Nàɖu wò lu, ami, nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, eye nàno wò wain le afi ma. Wɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe akpa ewolia ŋudɔ na ɖokuiwò le afi ma ne nàtsɔ srɔ̃ ale si nàde bubu Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋu ɣe sia ɣi. 24Ke ne teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia be woasubɔ ye le la didi akpa tso wò aƒe gbɔ ale be màte ŋu alɔ nuawo ayii o la, 25ekema dzra wo eye nàtsɔ gaa yi mawusubɔƒe la. 26Tsɔe ƒle nu sia nu si dze ŋuwò: nyi, alẽ, wain alo aha sesẽ. Tsɔe ƒle nu sia nu si dzro wò ko, eye wò kple wò aƒemetɔwo miɖu nu eye mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, mia Mawu la, ŋkume le afi ma. 27Mègagblẽ Levitɔ siwo le wò duwo me la ɖi ƒuƒlu o, elabe domenyinu aɖeke mele wo si o.
28“Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la, ɖe miaƒe agblemenu siwo nèŋe le ƒè etɔ̃lia ma me la ƒe akpa ewolia, eye nàdzra wo ɖo ɖe wò duwo me. 29Nuɖuɖu ma nanye Levitɔwo tɔ, elabe womexɔ domenyinu aɖeke o. Amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò duwo me la hã nava xɔ nuɖuɖu ma ƒe ɖe aɖu aɖi ƒo, ale be Aƒetɔ, wò Mawu la, nayra wò le wò asinudɔ siwo katã nèwɔna la me.”
Currently Selected:
Mose V 14: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.