Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 27
27
Paulo ɖo tɔdziʋu yina ɖe Roma
1Esi wotso nya me be míato ƒudzimɔ ayi Roma la, wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de aʋakplɔla aɖe si. Eŋkɔe nye Yulio, tso Fiagã Augusto ƒe aʋakɔwo dome. 2Míeɖo Adramitio-ʋu aɖe, si ɖoe be yeadze ɖe Asia ʋudzeƒewo, eye míeho. Makedoniatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Aristarxo, tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu. 3Esi ŋu ke la, míeva dze ɖe Sidon. Aʋakplɔla Yulio nyo dɔme ɖe mɔ na Paulo be wòayi aɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, bene woadi nu siwo ahiãe la nɛ. 4Míeho tso afi ma, eye esi ya de asi ƒoƒo me le mía kpem ta la, míeto Kipro-ƒukpo la ƒe dzigbeme. 5Míeto Kilikia kple Pamfilia ƒu me, eye míeva Mira le Likia. 6Aʋakplɔla la kpɔ tɔdziʋu aɖe le afi ma, si tso Aleksandria yina ɖe Italia, eye wòna míeɖoe. 7Míezɔ blewuu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi míeva ɖo Knido kasa. Ya la meɖe mɔ na mí be míayi ŋgɔ o, eya ta míeto Kreta-ƒukpo ƒe akpa si ya meƒona le o la va ɖo Salmone kasa. 8Míeto ƒugo la ŋu, eye mlɔeba la, míeva ɖo teƒe aɖe, si wona ŋkɔe be, “Ʋudzeƒenyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea-du la ŋu.
9Azɔ esi ŋkeke geɖe va yi xoxo, eye ƒudzimɔzɔzɔ va zu ŋɔdzi, eye gawu la, Paska ɖuɣi hã va yi ta la, 10Paulo ɖo aɖaŋu na wo gblɔ be: “Mía tɔwo, mekpɔ be nu geɖe le gbegblẽ ge, eye geɖe hã abú le míaƒe mɔzɔzɔa me. Menye agbaawo, ʋua me nuwo kple ʋua ɖeɖe koe lagblẽ o, ke boŋ ame hã le eme tsi ge.” 11Gake nya siwo kuɖɔɖola la kple ʋutɔ la gblɔ la dze aʋakplɔla la ŋu wu Paulo tɔ. 12Esi ʋudzeƒea menyo be woanɔ le vuvɔŋɔli o ta la, ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be míaho adzo, ɖewohĩ míate ŋu ade Foinike, si nye ʋudzeƒe le Kreta, eye míanɔ afi ma le vuvɔŋɔli. Ʋudzeƒe sia dze ŋgɔ anyigbeme ɣedzeƒe kple dzigbemeɣedzeƒe.
Ahom dziŋɔ tu le ƒu dzi
13Ya nɔ ƒoƒom blewuu tso anyigbeme, ale ameawo bu be yewoƒe didi la adze edzi. Wohe seke la de ʋua me, eye woho to Kreta-ƒugo ŋu kpuie. 14Ke eteƒe medidi o, ya sesẽ si woyɔna be “Dzigbeme ɣedzeƒeya” la de asi ƒoƒo me tso ƒukpo la dzi va kpe mí. 15Esi ya la kpe ʋu la wòde ŋgɔ yi ge do kpoe ta la, míena mɔe wòkɔ mí dzoe. 16Ʋu la le du dzi to akpa si ya ƒona le na ƒukpo sue aɖe, si woyɔna be Klauda la, eye bebli hafi míete ŋu lé batala la. 17Wohee ɖe dzi, tsɔ ka to ʋua te heblae be wòalée ɖe asi. Esi wovɔ̃ be míava ge ɖe libla me le Libia-ƒugo ŋu ta la, woklo abala la, ale ya kɔ ʋua ɖe nu. 18Ahomya la nyama mí ŋusẽtɔe ale gbegbe be, esi ŋu ke la, ʋua me nɔlawo de asi agbaawo fɔfɔ ƒu gbe ɖe ƒu me me. 19Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woawo ŋutɔ fɔ ʋua me dɔwɔnu kple ʋukunu siwo le ʋua me la ƒu gbe. 20Ŋkeke geɖe va yi ahom la nu sẽ wu gbɔgblɔ, ɣe alo ɣletivi aɖeke kpɔkpɔ meli o. Ale míebu mɔkpɔkpɔ keŋ be míatsi agbe.
21Ameawo nɔ anyi numaɖumaɖui ŋkeke geɖe. Ale Paulo tsi tsitre, do yi ŋgɔ gblɔ na wo be: “Mía tɔwo, ne ɖe mieɖo tom, eye mímeho dzo le Kreta o la, anye ne nu vevi mewɔ mí, eye míaƒe nuwo hã mebu alea o. 22Ke azɔ la, meɖe kuku na mi, milé dzi ɖe ƒo. Mía dometɔ aɖeke mele eme tsi ge o, negbe ʋua ko. 23Elabe le zã si va yi me la, Mawu, ame si tɔ menye, ame si mesubɔna la, ƒe dɔla va gbɔnye. 24Egblɔ nam be: ‘Paulo, mègavɔ̃ o. Ele be nàdo ɖe Roma Fiagã la ŋkume. Kpɔ ɖa, Mawu tsɔ ame siwo katã ɖo ʋua kpli wò la de asi na wò.’ 25Eya ta, mía tɔwo, milé dzi ɖe ƒo ko, elabe meka ɖe Mawu dzi be ana nya si eya ŋutɔ gblɔ nam la nava eme tututu. 26Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.”
27Azɔ ya la le mía nyamam le Domeƒu la dzi. Le ŋkeke wui enelia ƒe zã titina la, ʋukulaawo bu be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu vɔ. 28Ale woda dzidzeka, eye wokpɔ abɔ bla eve. Woyi ŋgɔ vie gadae, eye wokpɔ abɔ wui atɔ̃. 29Esi wovɔ̃ be míava dze go ɖe kpewo dzi ta la, woda seke ene to ʋua gɔme, eye wodo gbe ɖa be Mawu neɖi ŋu nake ɖe yewo. 30Ke ʋukulaawo ɖoe be yewoasí le ʋua me, eya ta woɖiɖi batala la ɖe ƒua me, eye woda alakpa hewɔ abe ɖe wole sekeawo da ge ato ʋua ta hã ene. 31Ke Paulo gblɔ na aʋakplɔla la kple asrafoawo be: “Ne ame siawo manɔ ʋua me o la, miatsrɔ̃.” 32Ale asrafoawo tso batalawo ŋu kaawo, eye ʋua ge dze tsia me.
33Le fɔŋli me la, Paulo ɖe kuku na wo katã be woaɖu nu. Egblɔ be: “Ŋkeke wui ene sɔŋ nye esi, mietsi dzodzodzoe heli naneke maɖumaɖui. 34Eya ta meɖe kuku na mi be miaɖu nu, ne miakpɔ ŋusẽ. Mia dometɔ aɖeke ƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mabu o.” 35Esi Paulo gblɔ esia la, etsɔ abolo, da akpe na Mawu ɖe eta, eye wòkae le wo katã ŋkume hede asi eɖuɖu me. 36Tete dzi ɖo wo katã ƒo, ale wo dome ame sia ame ɖu nu. 37Mí ame alafa eve bla adrẽ vɔ ade#27.37: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo be 275; bubuwo ya be 76. sɔŋ ye nɔ ʋua me. 38Esi woɖu nu ɖi ƒo la, woɖe lugba si wodo la ƒu gbe ɖe ƒua me. Ale ʋua zu wodzoe.
Ƒutsotsoe gbã ʋu la
39Ŋu ke, ke ʋukulaawo medze si anyigba la o. Wokpɔ adɔ̃ aɖe, si ŋu ƒuta le, eye woɖoe be ne yewoate ŋui la, yewoaƒo ʋua ɖe afi ma. 40Ale wotso ka sekeawo ɖe ƒua me, eye wotu kuɖɔŋukawo hã zi ɖeka. Wodo abala hekpe ya lae, eye woɖo ta ƒuta la. 41Ke ʋua va lɔ kekpo aɖe eye wòsi ke. Eta xaxa hetsi kea me; megate ŋu le ʋaʋãm o, eye ƒutsotsoe sesẽawo gbã egɔme.
42Asrafoawo ɖoe be yewoawu gamenɔlaawo, ale be wo dome ame aɖeke nagaƒu tsi así o. 43Ke esi aʋakplɔla la di be yeaxɔ na Paulo ta la, egbe be asrafoawo megawɔ ɖe nu si woɖo be yewoawɔ la dzi o. Eɖe gbe na ame siwo ate ŋu aƒu tsi la be woati kpo adze tsia me gbã, aƒu tsi ayi gota. 44Ke ame mamlɛawo adze wo yome, ɖewo naku ɖe ʋuƒowo ŋu, eye bubuwo naku ɖe ʋua ƒe akpa siwo kaka la ŋu. Ale ameawo katã to mɔ sia dzi do ɖe gota dedie.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 27: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.