Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 26
26
Paulo ʋli eɖokui ta le Agripa ŋkume
1Agripa gblɔ na Paulo be: “Wò ŋutɔ ƒo nu nàɖe ɖokuiwò nu faa.” Tete Paulo do abɔ ɖe dzi eye wòƒo nu ʋli eɖokui ta gblɔ be:
2“Fia Agripa, mekpɔ be Mawu ɖi nam ŋutɔ be wò Fia Agripa ŋkumee mele ɖokuinye ta ʋli ge le egbe, aɖe nya siwo katã Yudatɔwo tsɔ ɖe ŋunye la nu. 3Megblɔ esia, elabe ènya nu le Yudatɔwo ƒe dekɔnuwo kple nya siwo le wo dome woʋlina la ŋu koŋ. Eya ta meɖe kuku be nàgbɔ dzi blewuu ase nye nyawo nam.
4“Yudatɔwo katã nya nye agbenɔnɔ tso nye ɖekakpuime, ale si menɔ agbe tso gɔmedzedzea me le mía detɔwo dome kple ale si menɔ Yerusalem. 5#Dɔw 23.6; Fil 3.5. Ne woato nyateƒe la, wonya tso gbe aɖe gbe ke be menɔ agbe abe Farisitɔ ene. Míaƒe kɔnyinyi nu sẽ wu míaƒe subɔsubɔha bubuawo katã tɔ. 6Nu si ta mele tsitre ɖe ʋɔnu afii fifia lae nye be mɔkpɔkpɔ le asinye be Mawu awɔ ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuiwo la dzi. 7Ŋugbedodo sia tututue míaƒe ƒome wui eve la le mɔ kpɔm na be wòasu yewo si, tae wosubɔa Mawu vevie zã kple keli. Fia Bubutɔ, mɔkpɔkpɔ sia tae Yudatɔwo tsɔ nya ɖe ŋunye ɖo. 8#Mak II, 7.9.Ne wobe Mawu fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la, nu ka ta mia dometɔ aɖe abu be esia menye nya woaxɔ ase o mahã?
9 #
Dɔw 8.3; 22.4, 5. “Ɣe aɖe ɣi va yi la, mebui be ele be mawɔ nu sia nu si mate ŋui la atsɔ atsi tre ɖe Yesu Nazaretetɔ la ŋu. 10Mewɔ esia le Yerusalem. Mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, hede ame siwo ŋu wokɔ la dometɔ geɖe gaxɔ me. Gawu la, ne wole wo wu ge la, nye hã melɔ̃na ɖe edzi. 11Mehea to na wo zi geɖe le ƒuƒoƒewo, eye mezia wo dzi be woagblɔ busunya. Medoa dɔmedzoe ɖe wo ŋu ale gbegbe, be metia wo yome yia dzronyigbaduwo ke hã me.
Paulo gblɔ eƒe dzimetɔtrɔ ŋutinya
(Dɔw 9.1-19; 22.6-16)
12“Esia dzie mele, zɔ mɔ yina Damasko gbe ɖeka. Nunɔlagãwo na ŋusẽm, hedo mɔm. 13Fia Bubutɔ, anɔ abe ŋdɔ ga wui eve me ene la, mekpɔ kekeli, si nu sẽ wu ɣe ƒe keklẽ gɔ̃ hã la. Eklẽ tso dziƒo ƒo xlã mía kple ame siwo nɔ mɔ zɔm la. 14Mí katã míedze anyi. Tete mese gbe aɖe, si gblɔ nam le Hebri-gbe me be: ‘Saulo! Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim? Afɔtɔtɔ nutɔame, nu vevi ɖe wòwɔa ame!’ 15Mebia be: ‘Wò ame kae, Aƒetɔ?’ Aƒetɔ la ɖo eŋu be: ‘Nye Yesu, ame si yome tim nèle lae. 16Ke fɔ, nàtsi tsitre. Meɖe ɖokuinye fia wò be maɖo wò nànye nye dɔla. Àɖi ɖase le nu si nènya le ŋutinye xoxo kple nu si maɖe afia wò emegbe la ŋuti. 17Maɖe wò tso ame siwo dome mele dɔwòm ɖo ɖa la, si me. Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa. 18Àʋu ŋku na wo, eye àtrɔ wo tso viviti me ava kekeli me. Àɖe wo tso Abosam ƒe ŋusẽ te ava Mawu gbɔ, be woatsɔ woƒe nuvɔ̃ ake wo, ale be woakpɔ nɔƒe le ame siwo xɔ dzinye se, eye wokɔ wo ŋuti la dome.’
Paulo ƒo nu tso eƒe dɔ ŋu
19“Fia Agripa, ale wɔ mezu nu si woɖe fiam tso dziƒo la dziwɔla. 20#Dɔw 9.20, 28, 29. Gbã la, meyi Damasko. Emegbe la, meyi Yerusalem. Metsa Yudea-nyigba blibo la katã dzi. Metɔ edzi yi ame siwo menye Yudatɔwo o la hã gbɔ. Meyi ɖaɖe gbeƒã na wo be woadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ, eye woawɔ nu si fia be wotrɔ dzime. 21Esia tae Yudatɔwo lém le mawuxɔa me ɖo, eye wote kpɔ be yewoawum. 22Ke Mawu kpe ɖe ŋunye va se ɖe egbe, ale be mele tsitre ɖe amegãwo kple ame bubuwo siaa ŋkume le ɖase ɖim na wo katã. Nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple Mose gblɔ be woava eme la koe nye hã megblɔ. Mebe 23#Kor I, 15.20; Yes 42.6; 49.6. ele be Kristo la nakpe fu, eye wòanye ame gbãtɔ, si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòaɖe gbeƒã kekeli la na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.”
24Esi Paulo ɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ sesĩe be: “Paulo, èdze aɖaʋa! Wò agbalẽsɔsrɔ̃ vivivo la na nèdze aɖaʋa.” 25Ke Paulo ɖo eŋu be: “Bubutɔgã Festo, nyemedze aɖaʋa o. Nye susu le te; nyateƒe tom mele. 26Fia Agripa nya nu tso nu siawo ŋuti, eya ta mele nu ƒom nɛ faa. Meka ɖe edzi be enya nu tso wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, elabe womewɔ ɖeke le bebeme o. 27Fia Agripa, èxɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi sea? Menya be èxɔ wo dzi se.” 28Agripa gblɔ na Paulo be: “Fifi laa ko nèbu be yeawɔm mazu Kristotɔa?” 29Paulo ɖo eŋu be: “Eɖanye fifia o, eɖanye emegbe o, nye gbedodoɖa na Mawu koe nye be wò kple ame siwo katã le to ɖomem egbe la, miava zu abe nye ene, ɖeko womegade ga miawo ya alea o.”
30Tete fia la, mɔ́mefia la kple Bernike kpakple anyinɔƒea katã tsi tsitre. 31Woyi adaŋu me eye wogblɔ le wo nɔewo dome be: “Ŋutsu sia mewɔ naneke si dze na ku alo gaxɔmeyiyi o.” 32Agripa gblɔ na Festo be: “Ne ŋutsu sia ɖe megblɔ be Roma Fiagã ŋutɔ koe atso yeƒe nya me o la, anye ne woate ŋu aɖe asi le eŋu hafi.”
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 26: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.