YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 28

28
Paulo le Malta
1Míeɖi go ɖe ƒukpo la dzi vɔ hafi va nya be eyae nye Malta. 2Ƒukpo sia dzi nɔlawo xɔ mí kple lɔlɔ̃ manyagblɔ, elabe esi tsi de asi dzadza me eye vuvɔ nɔ wɔwɔm la, wodo dzo yɔ mí katã be míava ƒu. 3Paulo nɔ ƒu ƒom nake wuwlui aɖewo be yeade dzoa me. Le dzoxɔxɔa ta la, da do tso nake bablɛ la me va xatsa ɖe eƒe asi. 4Ke esi afi ma tɔwo kpɔ da la wòxatsa ɖe eƒe asi la, wogblɔ na wo nɔewo be: “Ɖikeke aɖeke mele eme o, amewulae nye ŋutsu sia. Elabe togbɔ be wòdo le atsiaƒu si me hã la, Mawu di be yeahe to nɛ kple ku kokoko.” 5Tete Paulo ʋuʋu da la ɖe dzoa me, eye nu vevi aɖeke mewɔe o. 6Ke ameawo kpɔ mɔ be Paulo le tete ge alo amu dze anyi enumake aku. Ke esi wolala ʋuu, eye wokpɔ be naneke mewɔe o la, wotrɔ susu gblɔ be: “Mawu aɖee wònye.”
7Anyigba aɖe te ɖe teƒe si míeɖi go ɖo la ŋu. Enye Publio, ame si nye fia le ƒukpoa dzi la, tɔ. Fia sia xɔ mí nyuie, eye wòkpɔ mía dzi hewɔ amedzro na mí ŋkeke etɔ̃. 8Ɣe ma ɣi la, asrã lé Publio tɔ́, eye wònɔ kpeta hã dem hele anyimlɔƒe. Paulo yi ɖe egbɔ, do gbe ɖa, da asi ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe. 9Esia megbe la, dɔléla bubu siwo katã le ƒukpoa dzi la hã va egbɔ, eye wòyɔ dɔ woawo hã. 10Wona nunana geɖe mí, eye esi míele dzodzom la, wotsɔ nu siwo katã hiã mí la na mí.
Mɔzɔzɔ tso Malta yi Roma
11Ɣleti etɔ̃ megbe la, míegadze mɔ. Míeɖo tɔdziʋu aɖe, si woyɔna be “Evenɔvimawuwo” tso Aleksandro. Tɔdziʋu sia nɔ ƒukpoa dzi le vuvɔŋɔli la. 12Míeɖi go ɖe Sirakuse-ƒuta, eye míenɔ afi ma ŋkeke etɔ̃. 13Míeglɔ̃ mɔ tso afi ma va Regio. Esi ŋu ke la, anyigbemeya de asi ƒoƒo me eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Puteoli. 14Míedo go nɔvi aɖewo le afi ma, ame siwo bia tso mía si be míanɔ yewo gbɔ ŋkeke adrẽ. Afi siae míetso le ko va ɖo Roma. 15Nɔvi siwo le Roma la se be míeva, eye wova do go mí le keke Apio-si me kple teƒe si woyɔna be “Amedzrodzeƒeetɔ̃awo” la ke. Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye dzi gaɖo eƒo.
Paulo le Roma
16Esi míeɖo Roma la, woɖe mɔ na Paulo be wòanɔ eɖokui si, ke wòna asrafo nɔ eŋu dzɔm le afi ma.#28.16: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo keke kpukpui wui adelia ɖe edzi be: “Eye esi míeva Roma la, aʋakplɔla la tsɔ gamenɔlawo de aʋakplɔlagã la si. Ke woɖe mɔ na Paulo be wòanɔ wo tɔwo gbɔ kple asrafo si dzɔa eŋu.”
17Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Paulo yɔ Yudatɔ siwo le afi ma la ƒe amegãwo va takpekpe. Esi wova la, egblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, togbɔ be nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe mía detɔwo ŋu, alo da le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnu aɖeke dzi o hã, wolém de gae le Yerusalem, eye wotsɔm de Romatɔwo si. 18Esi woyi ɖe nya la me kplim tsitotsito la, wokpɔ be nyemewɔ naneke si dze na ku o, eya ta wodi be yewoaɖe asi le ŋutinye hafi. 19#Dɔw 25.11. Ke Yudatɔwo melɔ̃ kura o. Ale woƒe nuwɔna sia zi dzinye be mabia be Roma Fiagã ŋutɔ natso nya me nam, togbɔ be nyemetsɔ nya aɖeke ɖe mía dedukɔ ŋu o hã. 20Nya sia tae medi be makpɔ mi ɖo, eye maƒo nu kpli mi, elabe nu si Israel le mɔ kpɔm na tae woblam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.”
21Woawo gblɔ nɛ be: “Míawo la, míexɔ agbalẽ aɖeke tso Yudea le ŋuwò o. Gawu la, nɔviawo dometɔ aɖeke hã metso afi ma va ƒo nu, alo gblɔ nya vɔ̃ aɖeke le ŋuwò na mí o. 22Ke míedi be míase wò susu, elabe míenya be amewo ƒo nu tsi tre ɖe ha sia, si me nèle la ŋuti le afi sia afi.”
23Ale woɖo ŋkeke na Paulo. Esi ŋkekea de la, amewo va ƒo ƒu fũu ɖe eƒe dzeƒe la. Eɖe nya me na wo tso Mose ƒe se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo me le Mawu ƒe fiaɖuɖu kple ame si Yesu nye la ŋuti. Ewɔ esia tso ŋdi va se ɖe fiẽ. 24Ame aɖewo xɔ nu si wògblɔ la dzi se, ke bubuwo mexɔe se o. 25Esi memama va wo dome alea la, Paulo ƒo nu gblɔ nya ɖeka na wo hafi wokaka. Egblɔ na wo be: “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ɖe eteƒe, esime wòƒo nu to Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya dzi na mia tɔgbuiwo! 26#Yes 6.9, 10. Ebe:
‘Yi ame siawo gbɔ nàgblɔ na wo be:
Miase nu, agasee baa,
gake miele egɔme se ge o.
Miakpɔ nu, agakpɔe baa,
gake miele si dze gee o.
27Elabe ame siawo ƒe susu le dɔ̃,
woƒe towo mesea nu nyuie o,
eye womia woƒe ŋkuwo.
Ɖe mele nenema o la,
woƒe ŋkuwo akpɔ nu,
woƒe towo ase nu,
woƒe susu ase nu gɔme,
eye woatrɔ ɖe ŋunye,
be mayɔ dɔ wo.’ ”
28Paulo wu eƒe nuƒoa nu be: “Minyae azɔ be nya si Mawu be yeatsɔ axɔ amegbetɔƒome la ɖe agbe la, ɖo ame siwo menye Yudatɔwo o la hã gbɔ. Woawoe nye ame siwo aɖo to nya la!” 29#28.29: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Esi Paulo gblɔ esia la, Yudatɔwo dzo, eye woyi ɖahe nya vevie le wo nɔewo dome.”
30Paulo nɔ afi ma ƒe eve le xɔ si eya ŋutɔ ɣe la me, eye wòxɔa ame siwo katã vaa egbɔ la le afi ma. 31Egblɔ nya le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋu, eye wòfia nu dzideƒotɔe le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋuti; ame aɖeke mexea mɔ nɛ o.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in