Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 25
25
Paulo bia be yeƒe nya la nayi Roma Fiagã la gbɔ
1Azɔ Festo va ɖo eƒe dziɖuƒe la eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la, etso Kaisarea yi Yerusalem. 2Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo yi ɖagblɔ nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋuti la nɛ. 3Woɖe kuku nɛ be wòanyo dɔme ana woakplɔ Paulo ava Yerusalem, elabe woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoade xa ɖi awui le mɔ dzi. 4Festo ɖo eŋu na wo be: “Paulo le gaxɔ me le Kaisarea fifia, eye nye ŋutɔ hã mele tɔtrɔ ge ayi afi ma kpuie. 5Mina miaƒe amegãwo nazɔ kplim ayi Kaisarea, eye ne nya aɖe le mia si ɖe ŋutsua ŋu la, woava tso enu le afi ma.”
6Festo tsi wo gbɔ abe ŋkeke enyi va se ɖe ewo ene, eye wòtrɔ yi ɖe Kaisarea. Esi ŋu ke la, ebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, eye wòɖe gbe be woakplɔ Paulo vɛ. 7Paulo va ɖo, eye Yudatɔ siwo tso Yerusalem va la ƒo xlãe. Wotso enu kple nya vevi geɖewo gake kpɔɖeŋu aɖeke menɔ wo si wotsɔ ɖo kpe nutsotsoawo dzi o. 8Tete Paulo ʋli eɖokui ta gblɔ be: “Nyemeda le Yudatɔwo ƒe se la dzi, alo ƒo ɖi mawuƒe la, alo wɔ vɔ̃ ɖe Roma Fiagã la ŋu o.” 9Ke Festo di be yeadé Yudatɔwo dzi eya ta ebia Paulo be: “Èdi be yeayi Yerusalem, be woadrɔ̃ nya siawo na wò le gbɔnyea?” 10Tete Paulo ɖo eŋu gblɔ be: “Roma Fiagã la ŋutɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒee mele tsitre ɖo, eye afi siae wòle be woadrɔ̃ ʋɔnum le. Abe ale si wò ŋutɔ nènya nyuie ene la, nyemewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe Yudatɔwo ŋu o. 11Nenye nu baɖa wɔla menye, eye mewɔ nane si ta wòle be woawum ɖo la, nyemegbe ku o. Evɔ nenye be nyemewɔ nu siwo wobe mewɔ la ƒe ɖeke o la, ame aɖeke mekpɔ mɔ aɖe asi le ŋunye na wo o. Medi be Roma Fiagã la ŋutɔ natso nya me nam.” 12Azɔ esi Festo kple eƒe aɖaŋuɖolawo dzro nya sia me la, eɖo eŋu be: “Roma Fiagã ŋutɔ nèbe nèdrɔ̃ nya na ye; àyi Roma Fiagã gbɔ.”
Festo ƒo nu le Paulo ŋu na Agripa
13Le ŋkeke aɖewo megbe la, fia Agripa kple Bernike va Kaisarea be yewoado dzaa na Festo. 14Wonɔ afi ma ŋkeke geɖe, eya ta Festo tsɔ Paulo ƒe nya la ɖo fia la ŋkume. Egblɔ nɛ be: “Felike gblẽ ŋutsu aɖe ɖe gaxɔ me le afii hafi dzo. 15Esi meyi Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple dumegãwo tsɔ nya ɖe ŋutsua ŋu, eye wobia tso asinye be mabu fɔe. 16Ke meɖo eŋu na wo be le Romatɔwo ƒe dekɔnu nu la, ne ame aɖe tsɔ nya ɖe ehavi ŋu la, womebua fɔ ame si ŋu wotsɔ nya ɖo la o. Negbe akpa eveawo ɖe wodo go ŋkume kple ŋkume, eye ame si ŋu wotsɔ nya ɖo la ʋli eɖokui ta gbɔ. 17Eya ta esi wova ɖo afi sia la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ esi ŋu ke la, mebɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi eye mebia be woakplɔ ŋutsua vɛ. 18Esi enutsolawo tsi tsitre la, wometsɔ nya vɔ̃ siwo mebu be woawoe wotsɔ ɖe eŋu la ƒe ɖeke vɛ o. 19Nu siwo katã wogblɔ la nye nyaʋiʋli kple Paulo le woawo ŋutɔ ƒe subɔsubɔ kple ame aɖe si ŋkɔe nye Yesu, si wobe eku, ke Paulo ya ka ɖe edzi be ele agbe la ko ŋu. 20Esi nya la me yiyi tsitotsito be mate ŋu atso afia glom ta la, mebiae be elɔ̃ be yeayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ nya siawo na ye le afi ma mahã. 21Ke Paulo gblɔ be Roma Fiagã ŋutɔ koe atso nya me na ye. Ale wòbia be yeanɔ nye dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime woaɖo ye ɖe Roma Fiagã gbɔ.”
22Agripa gblɔ na Festo be: “Nye ŋutɔ hã medi be mase eƒe numegbe.”
Festo ɖo eŋu be: “Àsee etsɔ.”
Wokplɔ Paulo va Agripa kple Bernike ŋkume
23Esi ŋu ke la, Agripa kple Bernike ɖo atsyɔ̃ nyuie va takpeƒe la. Aʋakplɔlagãwo kple ame ŋkuta siwo le dua me la hã kpe ɖe wo ŋuti va. Festo bia be woakplɔ Paulo vɛ. 24Tete Festo gblɔ be: “Fia Agripa kple mi ame siwo katã le teƒe sia kpli mí, miekpɔ ŋutsu sia? Yudatɔ siwo katã le Yerusalem kple afii la tsɔ nya ɖe eŋu. Wova gbɔnye kple ɣli be mele be wòaganɔ agbe o. 25Ke nye la, nyemekpɔ be ewɔ naneke, si dze na ku o. Ke eya ŋutɔ di be Roma Fiagã ŋutɔ natso nya me na ye, eya ta meɖo be maɖoe ɖe egbɔ. 26Evɔ la, nya tɔxɛ aɖeke mele asinye si maŋlɔ aɖo ɖe nye amegã la le eŋu o. Eya ta mekplɔe va mia ŋkume, vevietɔ wò Fia Agripa gbɔ, be ne míese eƒe numegbe nyuie vɔ la, makpɔ nya aɖe aŋlɔ aɖo ɖa. 27Elabe nye ya mekpɔ be mele susu nu be woaɖo gamenɔla ɖe ʋɔnu, eye womaŋlɔ nya si wotsɔ ɖe eŋu la akpe ɖe eŋu o.”
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 25: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.