Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 24
24
Yudatɔwo tso Paulo nu
1Ŋkeke atɔ̃ megbe la, nunɔlagã Anania kple amegã aɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va Kaisarea. Wotsɔ nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu la ɖo mɔ́mefia Felike ŋkume. 2Tete woyɔ Paulo vɛ, eye Tertulo he woƒe nutsonya la ɖe go gblɔ be:
“Míaƒe Bubutɔgã Felike! To dziwò la, tomefafa blibo le mía dome. Èna be wole nu geɖewo ɖɔm ɖo na míaƒe dukɔ sia. 3Míekpɔ ŋudzedze le nu siawo katã ŋu le afi sia afi. Eya ta tɔwòe nye akpe. 4Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi geɖe na wò o, eya ta meɖe kuku be nànyo dɔme ase nya kpui si le mía si la. 5Míekpɔ ŋutsu sia be enye nugblẽla vɔ̃ɖi aɖe. Eyama le ʋunyaʋunya hem de Yudatɔwo dome le xexea me godoo. Eganye Nazarete-ha tatra me nɔlawo ƒe ŋgɔnɔla vloe ɖeka. 6Gawu la, ŋutsu sia te kpɔ be yeaƒo ɖi mawuxɔ la gɔ̃ hã, ke míaƒe asi su edzi,#24.6: Mawunyagbalẽ aɖewo tsɔ kpukpui sia kpee be: “Míeɖoe be míatsɔ míawo ŋutɔ míaƒe se adrɔ̃ ʋɔnui, 7ke aʋakplɔlagã Lisia va ge ɖe nya la me hexɔe dzoe sesẽtɔe. Emegbe la, eɖe gbe be enutsolawo nava gbɔwò. 8Nenye be wò ŋutɔ èbia gbee ko la, èle nu siwo katã ta míele enu tsom la nya ge.”
9Yudatɔwo katã lɔ̃ ɖe edzi be nutsonyaawo katã le eme tututu.
Paulo ʋli eɖokui ta le Felike ŋkume
10Azɔ la, mɔ́mefia la wɔ asi na Paulo be wòaƒo nu. Tete Paulo gblɔ be:
“Mekpɔe dze sii be ènye ʋɔnudrɔ̃la le dukɔ sia me ƒè geɖee. Eya ta mele ɖokuinye ta ʋlim dzidzɔtɔe. 11Abe ale si nànya nyuie ene la, anɔ abe ŋkeke wui evee nye esi, meyi Yerusalem be masubɔ Mawu le afi ma. 12Womekpɔm mele nya ʋlim kple ame aɖeke o. Womekpɔm mede zi ameha aɖeke me le mawuxɔa me loo, ƒuƒoƒeawo loo, alo le dua ƒe akpa aɖeke o. 13Kpɔɖeŋu aɖeke hã mele wo si si woate ŋu atsɔ aɖo kpe woƒe nya siwo wotsɔ ɖe ŋunye la dzi na wò o. 14Ke le agbenɔnɔ si wole yɔyɔm be xɔse tatra ƒe nya me ya la, mesubɔa mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la pɛpɛpɛ, eye mexɔ nu siwo katã le sea me kple esiwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔ ɖi la dzi se. 15Enye nye mɔkpɔkpɔ be Mawu lava fɔ nu nyui wɔla kple nu baɖa wɔla siaa ɖe tsitre. Mɔkpɔkpɔ sia kee le ame siawo hã si. 16Mɔkpɔkpɔ sia tae meʋlina vevie be dzitsinya nyui nanɔ asinye le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 17#Dɔw 21.17-28. “Azɔ le ƒe aɖewo megbe, esi medzo le Yerusalem la, megatrɔ yi afi ma be matsɔ nunanawo ayi na nye dukɔmetɔwo, eye masa vɔ hã. 18Esime menɔ ŋutikɔkɔ kɔnu la wɔm le mawuxɔa me la, wokpɔm. Ameha aɖeke menɔ gbɔnye o, eye ʋunyaʋunya aɖeke hã menɔ anyi o. 19Ke Yudatɔ aɖewo tso Asia-nutome nɔ afi ma. Woawo boŋ wòle be woava gbɔwò afii, eye ne nya aɖe le wo si ɖe ŋunye la, woatsɔ ɖe ŋunye hafi. 20Alo àte ŋu ana ame siawo nagblɔ fɔ si wobum, esime medo ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume va yi. 21#Dɔw 23.6. Nya ɖeka, si medo ɣli gblɔ esime mele tsitre ɖe wo ŋkume la koe nye be: ‘Nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃mem le afii egbe ɖoe nye be mexɔe se be ame kukuwo latsi tsitre.’ ”
22Tete Felike, ame si nya nu tso mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo ŋu nyuie la, tɔ nyadɔdrɔ̃ la ɖe afi ma gblɔ be: “Ne aʋakplɔlagã Lisia va ɖo la, matso miaƒe nya la me.” 23Eɖe gbe na aʋakplɔla la be wòakpɔ Paulo dzi, ne wòanɔ dedie, ke nena ablɔɖe aɖe sinui. Ne nane hiãe la, neɖe mɔ xɔlɔ̃awo nawɔe nɛ faa.
Paulo le Felike kple Drusila ŋkume
24Le ŋkeke aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ la, va. Edɔ ame wòyi ɖayɔ Paulo vɛ, eye Paulo ƒo nu tso Kristo Yesu dzixɔse ŋu nɛ wòse. 25Ke esi Paulo ƒo nu tso dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudrɔ̃gbe si lava la ŋu la, Felike vɔ̃, eye wògblɔ be: “Heyi gbɔ, ne mekpɔ vovo la, magayɔ wò.” 26Enɔ mɔ kpɔm le ɣeyiɣi sia me hã be Paulo ana ga ye. Ale edɔa ame woɖayɔnɛ vɛ enuenu wòɖoa dze kplii. 27Le ƒe eve megbe la, Felike dzo, eye Porkio Festo va zu mɔ́mefia ɖe eteƒe. Ke esi Felike di be yeadze Yudatɔwo ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔa me.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 24: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.