Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 23
23
1Paulo lé ŋku ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo dzi henɔ wo kpɔm tututu, eye wògblɔ be: “Nɔvinyewo, menɔ agbe kple dzitsinya nyui le Mawu ŋkume va se ɖe egbe.” 2Tete nunɔlagã Anania ɖe gbe na ame siwo te ɖe Paulo ŋu la be woaƒo nu gbɔ nɛ. 3#Mat 23.27, 28. Ke Paulo gblɔ nɛ be: “Mawu aƒo wò. Wò gli si wosi akalo na! Wò la, èbɔbɔ nɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnu ɖe se nu, ke wò ŋutɔ nèda se la dzi ɖe gbe be woaƒom.” 4Ame si te ɖe Paulo ŋu la gblɔ nɛ be: “Ã, Mawu ƒe nunɔlagã dzum nèlea?” 5#Mos II, 22.28. Paulo ɖo eŋu be: “Nɔvinyewo, nyemenya be eyae nye nunɔlagã o elabe woŋlɔ ɖi be: ‘Mègagblɔ nya vlo ɖe wò dukɔdziɖula ŋu o.’ ”
6 #
Dɔw 26.5; Fil 3.5. Esi Paulo kpɔ dze sii be ameawo dometɔ aɖewo nye Zadukitɔwo, eye bubuwo hã nye Farisitɔwo la, egblɔ sesĩe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la be: “Nɔvinyewo, nye la, Farisitɔ menye henye Farisitɔ viŋutsuvi. Mɔkpɔkpɔ si le asinye be ame kukuwo latsi tsitre tae wohem va ʋɔnu afii ɖo.” 7Esi wògblɔ nya sia ko la, nyaʋiʋli ɖo Farisitɔ kple Zadukitɔ, siwo le afi ma la dome. Ale takpekpe la ma ɖe eve, 8#Mat 22.23; Mar 12.18; Luk 20.27. elabe Zadukitɔwo gblɔna be ame kukuwo metsia tsitre o, eye mawudɔlawo kple gbɔgbɔwo hã meli o, ke Farisitɔwo ya xɔ nu siawo katã dzi se. 9Ale ɣlidodo la gasẽ ɖe edzi wu tsã. Agbalẽfiala siwo le Farisitɔwo ƒe akpa dzi la, tsi tsitre ʋli nya la gblɔ be: “Míekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o. Nu kae gblẽ be gbɔgbɔ alo mawudɔla aɖee ƒo nu kplii?” 10Nyaʋiʋli la nu va sesẽ ale gbegbe be aʋakplɔlagã la vɔ̃ be wole Paulo vuvu ge. Eya ta eɖe gbe na asrafoawo be woaɖi ayi ɖakplɔe sesẽtɔe le ameawo dome ava mɔ́ la me.
11Zã ma me la, Aƒetɔ la tsi tsitre ɖe Paulo gbɔ gblɔ be: “Lé dzi ɖe ƒo. Ale si nèɖi ɖase le ŋunye le Yerusalem afii la, ele be nàgawɔ nenema ke le Roma hã.”
Yudatɔwo ɖo be yewoawu Paulo
12Esi ŋu ke la, Yudatɔ aɖewo ƒo ƒu ɖo nugbe ɖe Paulo ŋu. Woka atam be ne yewomewui o kpa, yewomaɖu nu, alo ano naneke o. 13Ame siwo ɖo nugbe sia la sɔ gbɔ wu bla ene. 14Tete woyi ɖe nunɔlagã la kple dumegãwo gbɔ gblɔ be: “Míeka atam be ne míewu Paulo o kpa, míaɖu naneke o. 15Eya ta mi kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo miɖo ame ɖe aʋakplɔlagã, be wòakplɔ Paulo vɛ na mi, abe ɖe miedi be yewoagase nya la me tsitotsito wu tsã ene. Míawo míele klalo be kaka wòaɖo afii la, míawui.”
16Ke Paulo nyruiyɔvi aɖe se ale si ameawo de xa ɖe eŋui. Ege ɖe mɔ́ la me, eye wòfi tofi na Paulo. 17Tete Paulo yɔ aʋakplɔlaawo dometɔ ɖeka hegblɔ nɛ be: “Kplɔ ɖekakpui sia yi ɖe aʋakplɔlagã la gbɔe elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ.” 18Ale aʋakplɔla la kplɔe yi ɖe aʋakplɔlagã la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Paulo, gamenɔla la yɔm, eye wòbia tso asinye be makplɔ ɖekakpui sia va gbɔwòe, elabe nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ na wò.” 19Aʋakplɔlagã la lé ɖekakpuia ƒe alɔnu, kplɔe ɖe kpɔe hebiae be: “Nya kae le asiwò nèbe yeagblɔ nam?” 20Egblɔ be: “Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖoe be yewoabia wò be etsɔ la, nàkplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la, abe ɖe wodi be yewoagase eƒe nya la me nyuie wu ene. 21Ke wò la, mègalɔ̃ ɖe edzi na wo o, elabe ŋutsu siwo sɔ gbɔ wu bla ene la de xa ɖi nɛ. Ame siawo ka atam, be nuɖuɖu alo tsi maka yewo nu o va se ɖe esime yewoawui. Wole klalo fifi laa, hele wò ŋugbedodo ko lalam.” 22Aʋakplɔlagã la de se nɛ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke be yegblɔ nya sia nam o.” Emegbe la, edo mɔ ɖekakpui la wòdzo.
Woɖo Paulo ɖe mɔ́mefia Felike gbɔ
23Azɔ la, aʋakplɔlagã la yɔ eƒe aʋakplɔlawo dome ame eve, eye wògblɔ na wo be: “Mina asrafo alafa eve, sɔdola bla adrẽ kple akplɔtsɔla alafa eve nadzra ɖo ne woayi Kaisarea. Woadze mɔ egbe zã ga asieke. 24Midi sɔ na Paulo hã ne wòado. Mikpɔ egbɔ be wòaɖo mɔ́mefia Felike gbɔ dedie.” 25Aʋakplɔlagã la ŋlɔ agbalẽ si gbɔna la ɖo ɖe mɔ́mefia la:
26“Bubutɔgã Mɔ́mefia Felike, nye Klaudio Lisia ye ŋlɔ agbalẽ sia ɖo ɖe wò. Medo gbe na wò nyuie. 27Yudatɔwo lé ŋutsu sia, eye wode ewu ge kloe. Ke mía kple asrafowo míeva ke ɖe wo ŋuti xɔe le wo si. Míeva nya be Romatɔ wònye. 28Medi be manya nu si wòwɔ hafi wolée, eya ta mekplɔe yi ɖe woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume. 29Ke meva kpɔe dze sii be mele be woawui, alo adee gaxɔ me gɔ̃ hã o, elabe nya si wotsɔ ɖe eŋu la ku ɖe woawo ŋutɔ ƒe sewo ŋu. 30Ke esi wova fi tofi nam be Yudatɔ aɖewo ɖo nugbe ɖe eŋu la, meɖoe be maɖoe ɖe gbɔwò enumake. Megblɔ na ame siwo le enu tsom la be woava gblɔ nya si le wo si ɖe eŋu la na wò. Nɔ anyi sesĩe!”
31Asrafoawo wɔ nu si wogblɔ na wo la dzi pɛpɛpɛ, eye wokplɔ Paulo va Antipatre zã ma me ke. 32Esi ŋu ke la, asrafo afɔzɔlawo gbugbɔ va mɔ́ la me, ke sɔdolawo ya yi kple Paulo. 33Wokplɔe va Kaisarea, eye wotsɔ agbalẽ la na mɔ́mefia la hekplɔ Paulo de esi. 34Mɔ́mefia la xlẽ agbalẽ la, eye wòbia nuto si me wòtso la ta se. Esi wòva nya be Kilikia wòtso la, 35egblɔ be: “Ne nuwòtsolawo hã va ɖo la, mase nya si le asiwò.” Azɔ la, ena be woadzɔ Paulo ŋu le mɔ́mefia Herodes ƒe fiasã la me.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 23: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.