Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 22
22
1“Nɔvinyewo kple tɔ́nyewo, miɖo to ne miase nya si medi be matsɔ aʋli ɖokuinye tae le mia ŋkume!”
2Esi wose be Hebri-gbe dom wòle la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã. Tete Paulo yi edzi gblɔ be:
3 #
Dɔw 5.34-39. “Yudatɔe menye. Wodzim le Tarso le Kilikia, gake Yerusalem afii wonyim le eye menye Gamaliel ƒe nusrɔ̃vi. Wofia mía tɔgbuiwo ƒe se lam tsitotsito, eye mesubɔa Mawu kple vevidodo, abe ale si miawo hã miele esubɔmee egbe ene. 4#Dɔw 8.3; 26.9-11. Meti ame siwo le mɔ sia dzi tom la yome vevie, hedi ku gɔ̃ hã na wo. Melé ŋutsu kple nyɔnu geɖe bla he va de gaxɔ me. 5Nunɔlagã la kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã ate ŋu aɖi ɖase be nyateƒe tom mele. Woawo gbɔe mexɔ agbalẽ tsoe yina na mía nɔvi Yudatɔ siwo le Damasko. Medze mɔ yina be malé ame siwo le afi ma hã abla ahakplɔ va Yerusalem bene woahe to na wo.
Paulo gblɔ eƒe dzimetɔtrɔ ŋutinya
(Dɔw 9.1-19; 26.12-18)
6“Esi mele mɔ dzi te tu Damasko abe ŋdɔ ga wui eve me ene la, kekeli sesẽ aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm zi ɖeka. 7Medze anyi, eye mese gbe aɖe ɖi biam be: ‘Saulo! Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim?’ 8Mebia be: ‘Wò ame kae, Aƒetɔ?’ Eɖo eŋu nam be: ‘Nye Yesu Nazaretetɔ, ame si yome tim nèle lae.’ 9Ame siwo le mɔ zɔm kplim la kpɔ keklẽ la, gake womese ame si nɔ nu ƒo nam la ƒe gbe o. 10Mebia be: ‘Aƒetɔ, nu ka mawɔ?’ eye Aƒetɔ la gblɔ nam be: ‘Tso nàyi Damasko-dua me, eye woagblɔ nu siwo katã woɖo ɖi be nàwɔ la na wò.’ 11Le ale si ŋutikɔkɔe kekeli sia sẽ ŋui ta la, mede nu kpɔ ge do kpo. Ale ame siwo le mɔ zɔm kplim la lé nye alɔnu hekplɔm va Damasko.
12“Ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Anania la le dua me. Enye mawuvɔ̃la, ame si lé míaƒe se la me ɖe asi sesĩe, eye Yudatɔ siwo katã le dua me la ƒo nu nyui le eŋu. 13Ame sia va tsi tsitre ɖe gbɔnye gblɔ be: ‘Nɔvi Saulo, gakpɔ nu!’ Enumake megakpɔ nu, eye mekpɔ eyama. 14Egblɔ be: ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò ɖi be nànya eƒe lɔlɔ̃nu, nàdze si Dzɔdzɔetɔ la, eye nàse nya tso eya ŋutɔ ƒe nu me. 15Elabe àzu eƒe ɖasefo le nu si nèse kple nu si nèkpɔ la ŋuti na amewo katã. 16Azɔ, nu ka lalam nèle? Tsi tre, do gbe ɖa nɛ, ne woale mawutsi na wò, aklɔ wò nuvɔ̃wo ɖa.’
Woyɔ Paulo be wòagblɔ mawunya na ame siwo menye Yudatɔwo o la
17“Metrɔ yi Yerusalem, eye esime menɔ gbe dom ɖa le mawuxɔ la me la, 18mekpɔ Aƒetɔ la le ŋutega me wògblɔ nam be: ‘Wɔ kaba nàdo le Yerusalem-dua me, elabe du sia me nɔlawo mexɔ wò ɖaseɖiɖi le ŋutinye o.’ 19Meɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ, woawo ŋutɔ nya nyuie be meyina ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe ɖaléa ame siwo xɔ dziwò se la, ƒoa wo hedea wo gaxɔ me. 20#Dɔw 7.58. Esi wowu wò ɖaseɖila Stefano la, nye hã mele tsitre ɖe afi ma, eye melɔ̃ ɖe edzi be woawui. Nyee kpɔ ewulawo ƒe awuwo gɔ̃ hã dzi.’ 21Ke Aƒetɔ la gblɔ nam be: ‘Heyi, elabe maɖo wò ɖe keke ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ʋĩi ke.’ ”
22Ameawo ɖo to Paulo ʋuu va se ɖe nya sia dzi, kasia wogade asi ɣlidodo me sesĩe be: “Miɖe ame sia tɔgbe ɖa le xexea me! Medze be wòanɔ agbe o!” 23Wodo ɣli bobobo, dze woƒe awuwo eye wolɔ ke hlẽ ɖe ya me. 24Aʋakplɔlagã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo ayi ɖe mɔ́ la me. Egblɔ be woneƒoe ne wòato nyateƒe bene yeanya nu si ta amehawo nɔ ɣli dom ɖe eta nenema. 25Ke esi woblae be woaƒo la, Paulo bia aʋakplɔla si le tsitre ɖe egbɔ la be: “Se ɖe mɔ be miaƒo Romatɔ, si womebu fɔe o la kple atam mahã?” 26Esi aʋakplɔla la se esia la, eyi ɖe aʋakplɔlagã la gbɔ hebiae be: “Nu kae nèbe yeawɔ? Kpɔ ɖa, Romatɔe nye ame sia lo!” 27Ale aʋakplɔlagã la va Paulo gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Gblɔe nam. Romatɔ nènyea?” Paulo ɖo eŋu be: “Ẽ.” 28Aʋakplɔlagã la gblɔ be: “Nye la, ga home gã aɖe metsɔ ƒle nye Romatɔnyenye.” Paulo gblɔ be: “Nye la, ɖe wodzim ɖe eme.” 29Tete ame siwo be yewoaƒoe abia eƒe numenya ase la dzo le egbɔ enumake. Azɔ vɔvɔ̃ ɖo aʋakplɔlagã la elabe edze sii be Paulo nye Romatɔ, hekpe ɖe esia ŋu la eblae ɖe ka me.
Wokplɔ Paulo va ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume
30Aʋakpɔlagã la di be yeanya nu si ta Yudatɔwo tsɔ nya ɖe Paulo ŋuti godoo. Ale esi ŋu ke la, ena woɖee le gaxɔa me, eye wòɖe gbe be nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã nakpe ta. Ekplɔe vɛ, eye wòna Paulo tsi tsitre ɖe wo ŋkume.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 22: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.