YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 18

18
Paulo le Korinto
1Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene, eye wòva Korinto. 2Edo go Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Akwila. Enye Pontotɔwo. Eya kple srɔ̃a Priskila tso Italia va Korinto eteƒe medidi o. Woʋu va afi sia, elabe Roma Fiagã Klaudio ɖe gbe be Yudatɔwo katã nadzo le Roma. Paulo yi ɖakpɔ wo ɖa, 3eye esi eya kple ame siawo nye avɔgbadɔwɔlawo ta la, enɔ wo gbɔ hewɔ dɔa kpli wo. 4Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe la, edzroa nya me kple amewo le ƒuƒoƒe la, eye wòto esia wɔwɔ me na Yudatɔ kple Helatɔ geɖe trɔ susu va xɔ se.
5Esi Sila kple Timoteo tso Makedonia va ɖo la, Paulo tsɔ mawunyagbɔgblɔ ɖo dɔe koŋ, eye wòɖi ɖase gblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye Kristo la. 6Ke Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu kple busunyawo gbɔgblɔ. Ale Paulo ʋuʋu eƒe awuwo me, eye wògblɔ na wo be: “Miaƒe fiƒode nenɔ miawo ŋutɔ mia dzi. Nye la, nyemeɖi fɔ aɖeke o. Tso azɔ heyina la, mayi ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la dome.” 7Ale Paulo dzo le afi ma, eye wòyi ɖe ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Tito Yusto la ƒeme. Ŋutsu sia nye mawuvɔ̃la si ƒe aƒe te ɖe ƒuƒoƒe la ŋu. 8Ke Krispo, ƒuƒoƒemegã la kple eƒemetɔwo katã xɔ Aƒetɔ la dzi se. Nenema ke Korintotɔ geɖe, siwo va se Paulo ƒe nyawo hã xɔe se, eye wole mawutsi na wo. 9Gbe ɖeka zã la, Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me be: “Mègavɔ̃ o. Ɖe gbeƒã nya la, eye mègazi ɖoɖoe o, 10elabe meli kpli wò. Ame aɖeke matso ɖe ŋuwò awɔ nu vevi wò o, elabe ame geɖewo le du sia me nam.” 11Ale Paulo nɔ afi ma ƒe ɖeka kple afã eye wònɔ nu fiam le ameawo dome.
12Ke esi Galio va zu Romatɔwo ƒe dziɖula le Axaya-nutome la, Yudatɔwo sɔ nu, lé Paulo, eye wokplɔe yi ʋɔnui. 13Wotsɔ nya ɖe eŋu be: “Ame sia le amewo ƒe susu trɔm bene woasubɔ Mawu le mɔ si tsi tre ɖe se ŋu la nu.” 14Ke esi Paulo di be yeaƒo nu la, Galio gblɔ na Yudatɔwo be: “Yudatɔwo, ne ɖe wònye nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ƒe nya alo hlɔ̃nya dziŋɔ aɖee mietsɔ vɛ la, magbɔ dzi ɖi adrɔ̃e na mi. 15Ke esi wònye miaƒe nyawo la dzixɔsenufiafia, ŋkɔwo kple miawo ŋutɔ miaƒe sewo ko ŋu wotsɔ ɖo ta la, miawo ŋutɔ mikpɔ egbɔ. Abe ʋɔnudrɔ̃la ene la, nyemelɔ̃na be madrɔ̃ nya siawo tɔgbe ƒe ʋɔnu o.” 16Ale Galio nyà wo doe le ʋɔnudrɔ̃ƒea. 17Tete wo katã wolé Sostene, ƒuƒoƒemegã la, eye woƒoe le ʋɔnua ŋkume. Ke Galio metsɔ ɖeke le nu si wowɔ la me o.
Paulo trɔ yi Antioxia
18 # Mos IV, 6.18. Paulo nɔ nɔviawo gbɔ ŋkeke geɖe. Emegbe la, eklã wo, eye eya kple Priskila kpakple Akwila ɖo tɔdziʋu yi ɖe Siria. Hafi woadze mɔ tso Kenxrea la, Paulo lũ ta le adzɔgbe aɖe, si wòɖe la ta. 19Esi wova ɖo Efeso la, egblẽ Priskila kple Akwila ɖe afi ma. Ke eya ŋutɔ yi ɖe ƒuƒoƒe la ɖadzro nya me kple Yudatɔwo. 20Ameawo bia tso esi be wòanɔ yewo gbɔ ʋɛ, ke melɔ̃ o. 21Eklã wo eye wògblɔ na wo be: “Ne Mawu lɔ̃ la, magatrɔ va mia gbɔ.” Tete wòɖo tɔdziʋu tso Efeso dzo.
22Esi wòɖi go ɖe Kaisarea la, eyi Yerusalem ɖado gbe na hame la, eye wòtso eme yi Antioxia. 23Paulo nɔ afi ma ɣeyiɣi aɖe eye wòdze mɔ yi ɖato Galatia kple Frigia nutowo me hedo ŋusẽ nusrɔ̃lawo katã.
Apolo va Efeso kple Korinto
24Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Apolo, eye wònye Aleksandria vidzidzia la va Efeso. Enya nuƒoƒo eye wònya mawunya hã nyuie. 25Togbɔ be Yohanes ƒe mawutsilele ŋu ko wònya nu le hã la, wofia mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo lae. Dzo le eme ŋutɔ eye wòɖea gbeƒã hefiaa nu le Yesu ŋu ɖe eteƒe tututu. 26Eƒo nu vɔvɔ̃ manɔmee le ƒuƒoƒe la. Esi Priskila kple Akwila ɖo to se eƒe nyawo la, wokplɔe yi wo ƒeme eye woɖe agbenɔnɔ si dze Mawu ŋu la me nɛ nyuie wu. 27Apolo di be yeayi Axaya, ale nɔviawo do ŋusẽe eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo le afi ma be woaxɔe nyuie. Esi wòɖo la, ena kpekpeɖeŋu manyagblɔ ame siwo nu Mawu ve, wozu xɔsetɔwo la. 28Le nya siwo wòhe kple Yudatɔwo le dutoƒo me la, eɖe nya me kple ŋusẽ tɔxɛ heɖu Yudatɔwo ƒe nya dzi. Etsɔ mawunya ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in