YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 17

17
Paulo le Tesalonika
1Azɔ esi wozɔ to Amfipoli kple Apolonia la, wova ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. 2Paulo yi ƒuƒoƒe la, abe ale si wòwɔnɛ ɖaa la ene. Edzro mawunya me kpli wo Dzudzɔgbe etɔ̃, 3eye wòɖe nya geɖe hã me na wo kple kpeɖodzinyawo. Paulo gblɔ be ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome. Egblɔ yi edzi be: “Yesu, ame si ƒe nya mele gbeƒã ɖemee lae nye Kristo la.” 4Nya la dze wo dometɔ aɖewo ŋu, eye woxɔe se hedze Paulo kple Sila yome. Nenema kee eme kɔ na Helatɔ vɔ̃mawu geɖe kple nyɔnu ŋkuta gbogbo aɖewo hã, eye woawo hã wodze wo yome. 5Ke Yudatɔwo ʋã ŋu Paulo kple Sila, eye woyi ɖaƒo ƒu nu vlo wɔla aɖewo le ablɔ me kpe ɖe wo ɖokui ŋu. Amewo ƒo zi ɖe wo ŋu, eye wona zi tɔ le dua me hoo. Wozɔ ɖe ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yason la ƒe aƒe dzi henɔ Paulo kple Sila dim be yewoahe ayi ɖe ameha la gbɔe. 6Esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviawo dometɔ aɖewo yi ɖe dua dziɖulawo gbɔe. Wotso wo nu be: “Ame siawoe he zitɔtɔ va afi sia afi le xexea me godoo eye wova du sia me hã. 7Yason xɔ wo ɖe eƒeme, eye nu si wɔm wo dometɔ ɖe sia ɖe le la, tsi tre ɖe Roma Fiagã la ƒe sewo ŋu. Wobe fia bubu aɖe hã gali, si ŋkɔe nye Yesu.” 8Esi ameha la kple dua dziɖulawo se esia la, wotɔtɔ. 9Wona Yason kple ame bubuawo xe ga aɖe hetsɔ de megbee na wo ɖokui, eye woɖe asi le wo ŋu.
Beroeatɔwo xɔ nya la
10Gbe ma gbe ƒe zã me la, nɔviawo ɖo Paulo kple Sila ɖe Beroea enumake. Esi woɖo la, woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. 11Yudatɔ siwo le du sia me la se nu gɔme wu esiwo le Tesalonika. Woxɔ nya la kple dzo ŋutɔ, eye wodzroa mawunyagbalẽwo me gbe sia gbe be yewoakpɔ ɖa be Paulo ƒe nyawo nye nyateƒe mahã. 12Nya la dze wo dometɔ aɖewo ŋu, eye woxɔe se hedze Paulo kple Sila yome. Nenema kee Hela-ŋutsu vɔ̃mawu geɖe kple nyɔnu bubume geɖe hã xɔe se. 13Ke esi Yudatɔ siwo le Tesalonika la se be Paulo yi ɖaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la le Beroea hã la, wova afi ma hã eye wode zi ameha la dome hetɔtɔ woƒe susu. 14Enumake nɔviawo ɖo Paulo ɖe afi ma ƒugo ŋu, ke wona Sila kple Timoteo ya tsi Beroea. 15Ame siwo kplɔ Paulo ɖo ɖa la va ɖo keke Atene ke. Hafi woatrɔ adzo la, Paulo ɖo du ɖe Sila kple Timoteo be woaɖe abla ava tu ye kaba.
Paulo le Atene
16Esime Paulo le Atene henɔ mɔ kpɔm na Sila kple Timoteo la, ekpɔ legbawo le dua me fũu ŋutɔ. Dzi kui. 17Ale Paulo dzro nya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔ vɔ̃mawuwo le ƒuƒoƒe la. Gbe sia gbe la, eʋlia nya le ablɔmetakpeƒe kple ame sia ame si va yina la. 18Nunyala deŋgɔ aɖewo tso Epikurotɔwo kple Stoatɔwo dome hã va do goe. Wo dometɔ aɖewo bia be: “Ame manyanu nu kpoloe ƒola sia hã ɖe, nya ka koŋ le esi wòdi be yeagblɔ?” Ame bubuwo ɖo eŋu be: “Ewɔ abe dukɔ aɖe me mawu ŋuti wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabe Paulo ƒo nu le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu. 19Wolé Paulo, eye wokplɔe yi ɖe dutakpeƒe, si woyɔna be Areopago la. Wogblɔ nɛ be: “Míedi be nàƒo nu le nufiafia yeye si ƒe nya gblɔm nèle la ŋuti na mí. 20Elabe nya siwo gblɔm nèle la, nye nya yeye le mía gbɔ; míese wo kpɔ o. Eya ta míedi be nàɖe wo me na mí ne míase wo gɔme.” 21Godoo la, ne nya yeye aɖe va Atene-du me la, Atenetɔ ŋutɔŋutɔwo kple amedzrowo siaa tsia dzi, gblẽa woƒe ɣeyiɣi katã be yewoase nya la ahato na ame bubuwo.
22Ale Paulo tsi tsitre ɖe takpelawo ŋkume le dutakpeƒe la gblɔ be: “Atenetɔwo, mede dzesii le miaƒe nuwo katã ŋu be mievɔ̃a mawu ŋutɔ. 23#Nya 13.1.Elabe esime mezɔ to dua me, helé ŋku ɖe nu siwo miesubɔna la dometɔ aɖewo ŋu la, meke ɖe vɔsamlekpui aɖe ŋu. Woŋlɔ ɖe edzi be, ‘Mawu si ame aɖeke menya o la tɔe.’ Eya ta nu si mienya o, evɔ miehele esubɔm la ƒe nyae mele gbeƒã ɖemee na mi. 24#Fia I, 8.27; Yes 42.5; Dɔw 7.48. Mawu, ame si wɔ xexea me kple nu sia nu si le eme, eye wònye Aƒetɔ le dziƒo kple anyigba siaa la, menɔa gbedoxɔ siwo amegbetɔ tu la me o. 25#Mak II, 14.35.Medina be ame natsɔ eƒe asi awɔ nane na ye, abe nane ɖe wòhiã ye ene o. Eya ŋutɔe na amewo katã le agbe le ʋaʋãm, eye wòna nu sia nu wo dome ame sia ame. 26#Mak II, 7.23.Ena amegbetɔƒome la dzɔ tso ame ɖeka me, eye wòna wokaka ɖe xexea me katã. Mawue na dukɔ ɖe sia ɖe le teƒe si tututu wòle la kple eƒe liƒowo, eye wòɖo ɣeyiɣi si tututu wòanɔ xexea me ase ɖo la hã anyi. 27#Nya 13.6-9.Ewɔ esia, ale be amewo natsa así adii, abe woakpɔe ene. Evɔ la, Mawu mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o. 28Elabe ame aɖe gblɔ be: ‘Eya mee míele agbe le heʋãna hafi le anyi.’ Esɔ kple nya si miaƒe hakpala aɖewo gblɔ be:
‘Eƒe dzidzimeviwo míawo hã míenye.’
29Esi míawo hã míenye Mawu ƒe dzidzimeviwo ta la, mele be míabu be Mawu ƒe dzedzeme ɖe wòle abe sika, klosalo alo kpe si amegbetɔ bu tame wɔ aɖaŋutɔe le eƒe susu nu la ene o. 30Mawu ŋe aɖaba ƒu ɣeyiɣi si me amewo menyae o la dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be amewo katã natrɔ dzime le afi sia afi. 31Eɖo ŋkeke ɖi be yegbɔna ame aɖe, si yetia la dzi to ge adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le xexea me la le dzɔdzɔenyenye nu. Mawu na amewo katã nya be yele esia wɔ ge godoo, esime wòfɔ ame la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
32Esi Paulo ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu la, ame aɖewo koe, ke bubuwo ya gblɔ be: “Míedi be nàgava ƒo nu na mí le nu sia ŋuti.” 33Tete Paulo dzo le takpeƒe la. 34Ame aɖewo tsi eŋu, eye woxɔe se. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Dionisio, si nye aɖaŋuɖoƒea me nɔla ɖeka kple nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Damaris, hekpe ɖe ame bubu aɖewo ŋu.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in