Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 16
16
Timoteo kpe ɖe Paulo kple Sila ŋu
1Paulo zɔ mɔ va ɖo Derbe kple Listra. Nusrɔ̃la aɖe le afi ma si ŋkɔe nye Timoteo. Dadaa nye xɔsetɔ, ame si nye Yudatɔ, ke tɔ́a nye Helatɔ. 2Nɔvi siwo le Listra kple Ikonio la ƒo nu nyui le Timoteo ŋuti. 3Paulo di be yeakplɔ Timoteo ɖe asi, ale wòtso aʋa nɛ. Ewɔ esia, elabe Yudatɔ siwo katã le nuto ma me la nya be Timoteo tɔ́ la, Helatɔ wònye. 4Ne wozɔ mɔ va ɖo du aɖe me la, wogblɔa ɖoɖo siwo dzi amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo ɖo kpee le Yerusalem la na hametɔwo, eye wobiana tso wo si be woawɔ ɖe wo dzi. 5Ale hameawo ƒe xɔse gasẽ ŋu ɖe edzi, eye wole agbɔ sɔm ɖe edzi gbe sia gbe.
Paulo kpɔ ŋutega le Troa
6Esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woagblɔ nya le Asia o ta la, wozɔ mɔ to Frigia kple Galatia nutowo me 7va ɖo Misia ƒe liƒo dzi. Wote kpɔ be yewoayi Bitinia, gake Yesu ƒe Gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o. 8Ale wotso eme to Misia yi ɖe Troa. 9Le zã me la, Paulo kpɔ ŋutega. Makedonia-ŋutsu aɖe le tsitre hele kuku ɖem nɛ be: “Tso ƒua nàva kpe ɖe mía ŋuti le Makedonia!” 10Esi Paulo kpɔ ŋutega la la, míekpɔe dze sii kɔtɛe be Mawue yɔ mí be míaɖagblɔ Nyanyui la na amewo le afi ma. Ale míeɖoe be míayi Makedonia enumake.
Lidia trɔ dzime le Filipi
11Míeɖo tɔdziʋu tso Troa, tso eme tẽe yi Samotrake, eye le ŋufɔke la, míeyi ɖe Neapoli. 12Míetso le afi ma yi Filipi. Filipi ye nye du lolotɔ le Makedonia-nutoa me eye wònye Romatɔwo ƒe du. Míenɔ afi sia ŋkeke aɖewo. 13Dzudzɔgbe la, míedo le dua me yi ɖe tɔsisi aɖe to, afi si míebu be enye gbedoɖaƒe. Míebɔbɔ nɔ anyi, eye míeƒo nu na nyɔnu siwo va ƒo ƒu ɖi la. 14Ame siwo se míaƒe nyawo la dometɔ ɖekae nye Lidia. Enye avɔ biɖibiɖi xɔasi dzrala tso Tiatira. Mawuvɔ̃la wònye, eye Aƒetɔ la ʋu eƒe susu be wòalé to ɖe nya siwo Paulo gblɔ la ŋu. 15Esi wole mawutsi na eya kple eƒemetɔwo la, eɖe kuku na mí vevie gblɔ be: “Ne miebum be mexɔ Aƒetɔ la dzi se vavã la, ekema miva dze aƒenye me.” Ale míelɔ̃ heyi kplii.
Paulo kple Sila le gaxɔ me le Filipi
16Gbe ɖeka esi míeyina ɖe gbedoɖaƒea la, nyɔnuvi kluvi aɖe si me afakagbɔgbɔ le la va do go mí. Ewɔa ga geɖe na eƒe aƒetɔwo to afakaka me. 17Nyɔnuvi sia dze míawo kple Paulo yome nɔ gbɔgblɔm kple ɣli be: “Ame siawo la, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawoe wonye, eye ale si woaxɔ mi ɖe agbe la ƒe gbeƒã ɖem wole na mi!” 18Enɔ nu sia wɔwɔ dzi ŋkeke geɖe. Mlɔeba dzi va ku Paulo, eye wòtrɔ gblɔ na gbɔgbɔ la be: “Le Yesu Kristo ŋkɔ me, do le eme.” Tete gbɔgbɔ la do le nyɔnuvia me le ɣeyiɣi ma me tututu.
19Ke esi ame siwo tɔ kluvia nye la kpɔ be yewobu yewoƒe gakpɔmɔnu la, wolé Paulo kple Sila, eye wohe wo yi ɖe ʋɔnui le dumegãwo ŋkume. 20Wotsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ be: “Ame siawo la, Yudatɔwo wonye, eye wole ʋunyaʋunya dem míaƒe dua me. 21Wole kɔ siwo medze be míaxɔ alo anyi abe Roma-dumeviwo ene o la fiam.” 22Tete ameha blibo la lũ ɖe Paulo kple Sila dzi.
Ʋɔnudrɔ̃laawo dze awu le Paulo kple Sila ŋu, eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. 23Esi woƒo wo vevie la, wode wo gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla be nekpɔ egbɔ be wole dedie. 24Esi wogblɔ esia nɛ la, etsɔ wo de gaxɔ dometɔ ke me, eye wòde woƒe afɔwo atikpofɔblanu kpekpewo me.
25Ke le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa henɔ kafukafuhawo dzim na Mawu, eye gaxɔmenɔlaawo nɔ to ɖom wo. 26Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, ale be gaxɔa ƒe gɔmeɖokpewo gli le wo nɔewo dzi. Ʋɔawo katã ʋu enumake eye gamenɔla ɖe sia ɖe ƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eŋu. 27Ke esi gaxɔdzikpɔla la nyɔ eye wòkpɔ be ʋɔawo katã le ʋuʋu la, ebu be gamenɔlaawo si. Ale wòhe yi le aku me be yeawu ye ɖokui. 28Ke Paulo do ɣli sesĩe be: “Mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o! Mí katã míele afii!” 29Gaxɔdzikpɔla la bia be woatsɔ akaɖi vɛ na ye, eye wòɖe abla ge ɖe xɔa me. Vɔvɔ̃ ɖoe wònɔ dzodzom nyanyanya va dze anyi ɖe Paulo kple Sila ŋgɔ. 30Gaxɔdzikpɔla la kplɔ wo doe, hebia wo be: “Amegãwo, nu ka mawɔ be woaxɔm ɖe agbe?” 31Woɖo eŋu be: “Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye woaxɔ wò kple wò aƒemetɔwo ɖe agbe.” 32Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la na eya kple ame siwo katã le eƒeme la. 33Ale le zã ƒe gaƒoƒo ma ke me la, gaxɔdzikpɔla la kplɔ wo yi ɖaklɔ woƒe abiawo na wo, eye wole mawutsi na eya kple eƒemetɔwo katã zi ɖeka. 34Azɔ la, ekplɔ Paulo kple Sila va eƒeme, eye wòna nu wo woɖu. Dzi dzɔ eya kple eƒemetɔwo ŋutɔ, be yewoxɔ Mawu dzi se.
35Esi ŋu ke la, ʋɔnudrɔ̃laawo dɔ kpovitɔwo ɖa, de gbe asi na wo be: “Miɖe asi le ame mawo ŋu woayi.” 36Ale gaxɔdzikpɔla la gblɔ na Paulo be: “Ʋɔnudrɔ̃laawo gblɔ ɖo ɖa be woaɖe asi le mia ŋu miayi. Eya ta mido va yi azɔ le ŋutifafa me.” 37Ke Paulo gblɔ na kpovitɔawo be: “Womedrɔ̃ ʋɔnu mí o, ke woƒo mí le dutoƒo, eye wode mí gaxɔ me; evɔ la, Roma-dumeviwo míenye. Nu ka ta wodi be yewoaɖe asi le mía ŋu dzaa fifia, ame aɖeke masee? Gbeɖe, woawo ŋutɔ koe ava kplɔ mí adoe.” 38Kpovitɔawo yi ɖagblɔ nya la na ʋɔnudrɔ̃laawo, ke esi wose be Roma-dumeviwoe Paulo kple Sila nye la, vɔvɔ̃ ɖo wo. 39Ale woyi ɖaɖe kuku na wo. Wokplɔ wo doe, eye wobia tso wo si be woadzo le dua me. 40Ale Paulo kple Sila do le gaxɔ la me, eye woyi ɖe Lidia ƒeme. Esi wokpɔ nɔviawo le afi ma la, wodo ŋusẽ wo eye wodzo.
Currently Selected:
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 16: EB14
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.