YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 15

15
Takpekpe le Yerusalem
1 # Mos III, 12.3. Azɔ ame aɖewo tso Yudea va Antioxia va le nu fiam hametɔwo be: “Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, womate ŋu axɔ mi ɖe agbe akpɔ o.” 2Paulo kple Barnaba ʋli nya sia sesĩe kple ameawo. Ale wotia Paulo kple Barnaba kpakple ame bubu aɖewo, siwo tso Antioxia la, be woayi Yerusalem aɖakpɔ amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo le nya sia ŋu. 3Esi hame la dɔ wo ɖa alea la, woto Foenisia kple Samaria hele ale si ame siwo menye Yudatɔwo o la hã trɔ dzime la xlẽm fia. Nya sia do dzidzɔ na hametɔwo katã ŋutɔ. 4Esi wova ɖo Yerusalem la, amedɔdɔawo, hamemetsitsiwo kple hamea xɔ wo nyuie. Paulo kple Barnaba gblɔ nu siwo katã Mawu wɔ to wo dzi la na wo. 5Ke xɔsetɔ siwo tso Farisitɔwo ƒe habɔbɔ me la tso gblɔ be: “Ehiã be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye woana woawɔ Mose ƒe sea dzi.”
6Ale amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo ƒo ƒu, be yewoabu nya sia ŋu. 7#Dɔw 10.1-43. Esi woʋli nya la ʋuu la, Petro tso, eye wògblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, miaɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi aɖe nye esi va yi la, Mawu tiam tso mia dome, be ame siwo menye Yudatɔwo o la, nase Nyanyui la le nunye ne woaxɔe ase. 8#Dɔw 10.44; 2.4. Ale Mawu, ame si nya nu si le ame ƒe dzime la, lɔ̃ ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la hã xɔxɔ dzi, elabe etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woawo hã, abe ale si wòtsɔe na míi ene. 9Mede vovototo aɖeke míawo kpakple woawo dome o. Eklɔ woƒe dziwo me, elabe woxɔ edzi se. 10Ke nu ka ta miele Mawu tem kpɔ fifia? Nu ka tae miele agba si míawo kple mía tɔgbuiwo siaa míete ŋu tsɔ o la, lém ɖo ta na nusrɔ̃laawo? 11Ke míexɔ se be ale si Mawu axɔ mí ɖe agbe elabe eve mía nu le Aƒetɔ Yesu ta la, axɔ woawo hã ɖe agbe nenema ke.”
12Ameawo katã zi ɖoɖoe. Woɖo to Barnaba kple Paulo wole dzesi kple nukunu siwo Mawu to wo dzi wɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome la xlẽm fia. 13Esi wowu woƒe nuƒoa nu la, Yakobo ƒo nu gblɔ be: “Nɔvinyewo, miɖo tom! 14Simon xlẽ ale si Mawu do ŋgɔ, ɖee fia be yetsɔ ɖe le ame siwo menye Yudatɔwo o la hã ƒe nya me fia mí. Esia ta Mawu tia amewo tso wo dome be woanye eƒe dukɔ. 15Nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔ ɖi la sɔ kple nya sia tututu. Woŋlɔ ɖi be:
16 # Amos 9.11, 12. ‘Le nu siawo megbe la, mele tɔtrɔ ge ava;
eye magbugbɔ David ƒe agbadɔ si mu la, agatu.
Magbugbɔ eƒe gbagbãƒeawo agatu,
eye mawɔe wòanɔ te.
17Ale be ame mamlɛawo katã woadi Aƒetɔ la.
Ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo katã meyɔ
be woanye nye ŋutɔ tɔnyewo.
18Aƒetɔ lae gblɔ esia amewo nya
tso gbe aɖe gbe ke.’ ”
19Yakobo yi edzi gblɔ be: “Eya ta nye susue nye be mele be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo hafi le tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu o la o. 20#Mos II, 34.15-17; Mos III, 18.6-23; Mos III, 17.10-16. Ke boŋ míaŋlɔ agbalẽ na wo be woatsri nuɖuɖu si ŋu mekɔ o elabe wotsɔe sa vɔe na trɔ̃; woatsri ahasiwɔwɔ, woatsri lã si me ʋu tsi la kple ʋuɖuɖu. 21Elabe tso blema ke la, woɖea gbeƒã Mose ƒe se la le du sia du me eye woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.”
Agbalẽ si woŋlɔ na xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o
22Tete nya la dze amedɔdɔawo, hamemetsitsiwo kple ha blibo la ŋu eye woɖo kpe edzi be yewoatia ame aɖewo tso yewo dome, akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu aɖo ɖe Antioxia. Wotia hanunɔla eve tso nɔviawo dome. Woawoe nye Yuda, ame si wona ŋkɔe be Barsaba kple Sila. 23Agbalẽ si woxɔ yi la me nyawoe nye:
“Mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ, siwo menye Yudatɔwo o le Antioxia, Siria kple Kilikia; agbalẽ sia tso mí amedɔdɔwo, hamemetsitsiwo kple mia nɔviwo gbɔ. Mi katã miedɔ nyuiea? 24Míese be ame aɖewo tso mía dome afii va mia gbɔ, tsɔ nya aɖewo va ɖe fui na mi hetɔtɔ miaƒe susu. Evɔ la, menye míawoe dɔ wo ɖa o. 25Eya ta míewɔ takpekpe eye míeɖo kpe edzi be míatia amewo tso mía dome akpe ɖe Barnaba kple Paulo, ame siwo nye míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu aɖo ɖe mi, 26elabe wotsɔ woƒe agbe kè ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔ la ta. 27Ale míetia Yuda kple Sila, ame siwo ava gblɔ nya mawo ke na mi. 28Azɔ la, míawo kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la míekpɔ be medze be míado agba kpekpe na mi wu se vevi siwo gbɔna la o. 29Woawoe nye: Mitsri nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo. Mitsri ʋuɖuɖu. Mitsri lã si me ʋu tsi la. Migawɔ ahasi o. Ne mielé se siawo me ɖe asi la, anyo na mi. Mi katã minɔ anyi nyuie.”
30Esi wodo mɔ amedɔdɔawo la, wova ɖo Antioxia. Woƒo ƒu hametɔawo katã, eye wotsɔ agbalẽa na wo. 31Esi woxlẽe la, nuxlɔ̃amenya si le eme la do dzidzɔ na wo ŋutɔ. 32Yuda kple Sila wonye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye woxlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖe hedo ŋusẽ wo. 33Esi wonɔ wo gbɔ ɣeyiɣi aɖe la, hametɔawo do mɔ wo, wotrɔ yi ɖe ame siwo dɔ wo ɖa la gbɔ. 34#15.34: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo de kpukpui bla etɔ̃ vɔ enelia me be: “Ke Sila see le eɖokui me be yeatsi afi ma.” 35Ke Paulo kple Barnaba ya tsi Antioxia, eye woawo kple ame bubu geɖewo nɔ nu fiam henɔ gbeƒã ɖem Aƒetɔ ƒe nya la.
Paulo kple Barnaba klã tso wo nɔewo gbɔ
36Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo gblɔ na Barnaba be: “Nà míagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na le du ɖe sia ɖe me la ɖa, ale be míanya ale si wole anyii.” 37Barnaba di be yewoakplɔ Yohanes, ame si wona ŋkɔe be Marko hã ɖe asi. 38#Dɔw 13.13. Ke Paulo bu be mesɔ be yewoakplɔe ɖe asi o, elabe egbugbɔ le yewo yome tsã le Pamfilia, eye mewɔ dɔa yi edzi kple yewo o. 39Paulo kple Barnaba ʋli nya sia ŋutɔ, eye woma tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi ɖe Kipro. 40Ke Paulo tia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu. Hametɔawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la be wòave wo nu, eye wodze mɔ dzo. 41Ezɔ to Siria kple Kilikia hedo ŋusẽ hameawo.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in