YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 14

14
Paulo kple Barnaba le Ikonio
1Esi Paulo kple Barnaba va ɖo Ikonio la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Nya siwo wogagblɔ la wɔ dɔ ɖe ameawo dzi ale gbegbe, be Yudatɔ kple Helatɔ geɖewo xɔe se. 2Ke Yudatɔ siwo gbe be yewomaxɔe se o la, gblẽ ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe susu ale be wotso ɖe xɔsetɔwo ŋu. 3Amedɔdɔawo nɔ afi ma ŋkeke geɖe. Woƒo nu tso Aƒetɔ la ŋuti dzideƒotɔe. Aƒetɔ la ɖee fia be yeƒe amenuvenya la le eme eye wòto wo dzi wɔ dzesi kple nukunu geɖe. 4Ke dua me tɔwo ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka le Yudatɔwo dzi, eye akpa evelia le amedɔdɔawo dzi. 5Emegbe la, Yudatɔ aɖewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o kpakple woƒe kplɔla aɖewo ɖo nugbe ɖe amedɔdɔawo ŋu, be yewoaɖe fu na wo ahaƒu kpe wo. 6Amedɔdɔawo se nya la, eye wosí yi Likaonia-du siwo nye Listra kple Derbe kple nuto mawo me 7ɖagblɔ Nyanyui la.
Paulo kple Barnaba le Listra kple Derbe
8Azɔ la, ŋutsu aɖe le Listra si wodzi wònye tekunɔ, eye mezɔ azɔli kpɔ o. 9Eɖo to se Paulo ƒe nyawo. Paulo lé ŋku ɖe edzi gã hekpɔe dze sii be exɔ se woada gbe le eŋu. 10Tete Paulo do ɣli sesĩe gblɔ na ŋutsua be: “Tso nàtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi!” Tete ŋutsua ti kpo, tsi tsitre eye wòzɔ azɔli! 11Esi ameha la kpɔ nu si Paulo wɔ la, wodo ɣli gblɔ le Likaonia-gbe me be: “Mawuwo zu ame va mía dome!” 12Wona ŋkɔ Barnaba be Zeus, eye esi wònye Paulo ye le wo nu ɖem ta la, woyɔ eya be Herme. 13Tete Yupiter, si nye mawu, si ƒe gbedoxɔ le dua gbɔ la ƒe nunɔla tsɔ nyitsuwo kple seƒoƒowo va agbo la nu, elabe eya kple eŋumewo di be yewoasa vɔ na amedɔdɔawo. 14Esi Barnaba kple Paulo se esia la, wodze awu le wo ɖokui ŋu, eye wosi du ge ɖe ameawo dome gblɔ kple ɣli be: 15#Mos II, 20.11; Ps 146.6. “Nɔviwo, nu ka ta miele nu siawo wɔm? Amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene! Míeva be míaɖe gbeƒã Nyanyui la na mi, be miatrɔ tso nu dzodzro siawo gbɔ ava Mawu gbagbe la gbɔ. Eyae wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me la. 16Le blema la, Mawu ɖe mɔ na dukɔ vovovoawo wonɔ agbe ale si dze wo ŋu. 17Ke nu nyui siwo wòwɔna ɣe sia ɣi la ɖia ɖase be eli vavã. Ewɔa dɔmenyo, enaa tsi dzana na mi tso dziƒo, nukuwo wɔna le ɣelaɣi eye wònaa nuɖuɖu mi, hedoa dzidzɔ na mi.” 18Bebli hafi wotsɔ nya siawo xe mɔ na ameawo, be womagasa vɔ na wo o.
19Ke Yudatɔ aɖewo tso Antioxia le Pisidia kple Ikonio va afi ma. Wotrɔ ameha la ƒe susu. Ale be woƒu kpe Paulo, hee va da ɖe dua godo, elabe wobu be eku. 20Ke esi nusrɔ̃laawo va ƒo xlãe la, efɔ, eye wòyi dua me. Esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodzo yi Derbe.
Paulo kple Barnaba trɔ yi Antioxia le Siria
21Paulo kple Barnaba gblɔ Nyanyui la le Derbe, eye ame geɖe va zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogbugbɔ va to Listra kple Ikonio heva do ɖe Antioxia le Pisidia. 22Wodo ŋusẽ nusrɔ̃lawo, eye wode dzi ƒo na wo, be woalé xɔse la me ɖe asi nyateƒetɔe kple nya siawo be: “Ele na mí be míakpe fu geɖe hafi age ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me.” 23Wotia hamemegãwo ɖe ha ɖe sia ɖe nu. Amedɔdɔawo do gbe ɖa, tsi nu dɔ, eye wotsɔ ame siawo de asi na Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la.
24Esia megbe la, woto Pisidia-nutome va do ɖe Pamfilia. 25Esi wogblɔ nya la le Perge la, woyi Atalia. 26Woɖo tɔdziʋu tso afi ma gbugbɔ va Antioxia le Siria. Afi siae wotsɔ amedɔdɔ siawo de Mawu si me le gbã, be wòave wo nu ne woaɖawɔ dɔ sinu wum wole la.
27Esi wova ɖo la, woƒo hametɔawo nu ƒu, eye woɖe gbeƒã nu siwo katã Mawu kpe ɖe wo ŋu wowɔ kple ale si wòʋu mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã, eye woxɔ se la na wo. 28Wonɔ nusrɔ̃la siwo le afi ma la gbɔ eteƒe didi.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in