YouVersion Logo
Search Icon

Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 13

13
Wotia Barnaba kple Saulo hedɔ wo
1Azɔ la, Mawu ƒe gbeƒãɖela kple nufiala aɖewo nɔ Antioxia-hamea me. Woƒe ŋkɔwoe nye Barnaba, Simeon si woyɔna be Ameyibɔ, Lukio tso Kirene, Manahem ame si wonyi kple dziɖula Herodes kple Saulo. 2Esime wonɔ Aƒetɔ la subɔm eye wotsi nu dɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be: “Miɖe Barnaba kple Saulo ɖe aga nam, ne woawɔ dɔ si ta meyɔ wo ɖo la.” 3Ale wotsi nu dɔ, do gbe ɖa eye woda asi ɖe wo dzi hedo mɔ wo.
Barnaba kple Saulo le Kipro
4Gbɔgbɔ Kɔkɔe la fia mɔ Barnaba kple Saulo, eye woyi Seleukia. Woɖo tɔdziʋu tso afi ma yi Kipro-ƒukpo dzi. 5Esi woɖo Salami la, wogblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo. Yohanes hã nɔ wo ŋu abe kpeɖeŋutɔ ene. 6Esi wozɔ to ƒukpo blibo la dzi va ɖo Pafo la, wodo go Yudatɔ dzosala aʋatsogbeƒãɖela aɖe. Eŋkɔe nye Yesuvi. 7Ŋutsu sia le Sergio Paulo si nye dua dziɖula la gbɔ. Sergio Paulo nye nunyala deŋgɔ aɖe. Dziɖula sia yɔ Barnaba kple Saulo va eƒemee hebia tso wo si be woagblɔ Mawu ƒe nya la yease. 8Ke Elima (si gɔmee nye dzosala la) tsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wòdi be yeatrɔ dua dziɖula la ƒe susu, ne magase nya la ava yi edzi xɔ ge ase o. 9Ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Saulo, ame si wona ŋkɔe be Paulo la taŋ. Ekpɔ dzosala la dũu, 10eye wògblɔ nɛ be: “Wò Abosam vi, wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe ketɔ; wò ame si tsɔ alakpa kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖo dɔe! Ke màdzudzɔ Aƒetɔ la ƒe mɔ dzɔdzɔe la gɔglɔ̃ oa? 11Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ahe to na wò fifi laa. Wò ŋku agbã, màgakpɔ ɣe o, va se ɖe ɣeyiɣi aɖe.” Enumake afu xe ŋku dzi na Elima, eye eƒe ŋku tsí. Enɔ asi nyem ya me nɔ ame dim be wòakplɔ ye. 12Esi dua dziɖula la kpɔ nu si dzɔ la, exɔ nya la dzi se, elabe nu si wofia tso Aƒetɔ la ŋu la, wɔ nuku nɛ ale gbegbe.
Barnaba kple Paulo le Antioxia si le Pisidia
13Azɔ Paulo kple etɔwo ɖo tɔdziʋu tso Pafo va ɖo Perge le Pamfilia. Ke Yohanes trɔ le wo yome gbugbɔ yi Yerusalem. 14Woyi mɔzɔzɔa dzi tso Perge va ɖo Antioxia si le Pisidia. Dzudzɔgbe la, woyi ɖe ƒuƒoƒe la, eye wobɔbɔ nɔ anyi. 15Esi ƒuƒoƒea nunɔlawo xlẽ nya tso Mose ƒe se la kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽwo me vɔ la, woɖo ame ɖe Paulo kple etɔwo be: “Nɔviwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si, miedi be yewoagblɔ na anyinɔƒea la, migblɔe faa.” 16Ale Paulo tsi tsitre wɔ asi na ameawo hedze eƒe nuƒoa gɔme. Ebe:
“Israeltɔwo kple mi ame siwo vɔ̃a Mawu, miɖo tom. 17#Mos II, 1.7; Mos II, 12.51. Israel-dukɔ la ƒe Mawu la tia mía tɔgbuiwo, eye wòwɔ wo dukɔ deŋgɔ aɖe, esime wonɔ Egipte-nyigba dzi. Mawu kplɔ wo kple eƒe ŋusẽ triakɔ la dzoe le Egipte. 18#Mos IV, 14.34; Mos V, 1.31. Ekpɔ wo ta henyi wo abe ƒe bla ene sɔŋ ene le gbedadaƒo. 19#Mos V, 7.1; Yos 14.1. Esi wòtsrɔ̃ dukɔ adrẽ le Kanaan-nyigba dzi la, etsɔ woƒe anyigba na mía tɔgbuiwo abe woƒe domenyinu ene. Nudzɔdzɔ siawo katã xɔ abe ƒe alafa ene bla atɔ̃ ene. 20#Ɖel 2.16; Sam I, 3.20. Esia megbe la, Mawu ɖo ɖelawo wo nu va se ɖe eƒe gbeƒãɖela Samuel dzi. 21#Sam I, 8.5; Sam I, 10.21. Ke tso ɣe ma ɣi dzi la, mía tɔgbuiwo bia be woaɖo fia na yewo. Ale Mawu tsɔ Saulo si nye Kis vi tso Benyamin ƒome me la na wo, wòɖu wo dzi ƒe bla ene. 22#Sam I, 13.14; Sam I, 16.12; Ps 89.20. Ke esi Mawu ɖe Saulo le zi dzi la, eɖo David fiae ɖe eteƒe na wo. Mawu ɖi ɖase le David ŋu be: ‘David, Isai vi la nye ame si tɔgbe tututu dim mele. Eyae nye ame si awɔ nu siwo katã medi la.’ 23Mawu to ame sia ƒe dzidzime dzi ɖo Xɔla aɖe ɖe Israel-dukɔ, be yeawɔ ŋugbe si yedo la dzi. Xɔla siae nye Yesu. 24#Mar 1.4; Luk 3.3. Hafi Xɔla sia nava la, Yohanes va ɖe gbeƒã na Israel-dukɔ la be amewo katã natrɔ dzime, eye woale mawutsi na wo. 25#Yoh 1.20; Mat 3.11; Mar 1.7; Luk 3.16; Yoh 1.27. Esi wòsusɔ vie Yohanes nawu eƒe dɔ nu la, ebia be: ‘Ame kae miebu be menye? Menye nyee nye ame si miele mɔ kpɔm na la o. Gbeɖe! Amea le megbenye gbɔna. Nyemedze aɖe eƒe afɔkpa gɔ̃ hã o.’
26“Nɔvinyewo, Abraham tɔgbuiyɔviwo kple mawuvɔ̃la siwo le mia dome, míawoe woɖo gbedeasi sia ɖa, be Mawu xɔ mí ɖe agbe! 27Ame siwo le Yerusalem kple wo dziɖulawo menya be Xɔla lae nye ema o. Gawu la, womese mawunya si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo xlẽna Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe la gɔme o, ale wobu fɔ Xɔla la. Esiae wɔe be nu siwo woɖe gbeƒãe le Xɔla sia ŋu ɖi la va ve me. 28#Mat 27.22, 23; Mar 15.13, 14; Luk 23.21-23; Yoh 19.15. Togbɔ be womekpɔ nu si ta woatso kufia nɛ ɖo o hã la, wodi tso Pilato si be wòana woawui. 29#Mat 27.57-61; Mar 15.42-47; Luk 23.50-56; Yoh 19.38-42. Esi wowɔ nu sia nu si woŋlɔ ɖi tso eŋu la vɔ la, woɖee le ati la ŋu, eye woɖii. 30Ke Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 31#Dɔw 1.3. Emegbe eɖe eɖokui fia ame siwo zɔ kplii tso Galilea va Yerusalem la ŋkeke geɖe. Ame siawoe le ɖase ɖim le eŋuti na amewo. 32#Ps 2.7.Azɔ la míetsɔ Nyanyui la vɛ na mi. 33Eyae nye be Mawu wɔ nu si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí, wo viwo, elabe efɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me, abe ale si woŋlɔ ɖe Psalmo evelia me ene be:
‘Vinyee nènye;
Mezu tɔ́wò egbe.’
34 # Yes 55.3. Ke esi Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye eƒe ŋutilã manyunyɔ akpɔ o la, egblɔ le eŋuti be:
‘Matsɔ yayra kɔkɔe
si dzi meka ɖo na David la, ayra wò.’
35 # Ps 16.10. Eya tae wògagblɔ le Psalmo bubu me be:
‘Màɖe mɔ be wò dɔla kɔkɔe la,
nanyunyɔ o.’
36Ke esi David wɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo dzi wu enu vɔ le ame siwo dome wòdzɔ ɖo la, eku, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome, eye eƒe ŋutilã nyunyɔ. 37Ke ame si Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ya la, menyunyɔ o. 38Eya ta, nɔviwo, medi be mianya kɔtɛe be Yesu sia dzie woto le gbeƒã ɖem nuvɔ̃tsɔtsɔke. 39Ale ame sia ame si to edzi xɔ se la, wotsɔ nuvɔ̃ siwo katã womate ŋu atsɔ ake le Mose ƒe sea nu o la kee. 40Eya ta mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne menye nenema o la, nu siwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒãe da ɖi la aɖi mia ŋu. Wogblɔ be:
41 # Xab 1.5. ‘Kpɔ ɖa, mi fewuɖulawo,
miaƒe mo newɔ yaa, ne miatsrɔ̃.
Elabe nu siwo wɔm mele
le mia ŋɔli la,
ne ame aɖe ɖe eme na mi gɔ̃ hã la,
miele exɔ ge ase o!’ ”
42Esi Paulo kple Barnaba do yina la, ameawo bia tso wo si be woagava ƒo nu na yewo le nu siawo ke ŋuti le Dzudzɔgbe si dze ema yome. 43Esi ameawo do le takpeƒea la, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ siwo vɔ̃a Mawu la dze Paulo kple Barnaba yome. Amedɔdɔawo do ŋusẽ wo be womegaŋlɔ ale si Mawu ve wo nui la be o.
44Le Dzudzɔgbe si dze ema yome la, dua me tɔwo katã kloe ƒo ƒu be yewoase Mawu ƒe nya la. 45Esi Yudatɔwo kpɔ amehaawo la, woʋã ŋu amedɔdɔawo. Wogblɔ busunya tsi tre ɖe nu siwo Paulo gblɔ la ŋu. 46Tete Paulo kple Barnaba ƒo nu na wo vɔvɔ̃ manɔmee be: “Miawo boŋ wòdze be woagblɔ Mawu ƒe nya la na gbã hafi. Ke esi miebu mia ɖokui be yewomedze na agbe mavɔ o ta la, míetrɔ ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ. 47#Yes 42.6; 49.6. Elabe nenemae Aƒetɔ la ɖe gbe na mí be:
‘Meɖo wò anyi
abe kekeli ene
na ame siwo menye Yudatɔwo o,
ale be to dziwò la,
woaxɔ ame sia ame ɖe agbe le afi sia afi.’ ”
48Esi ame siwo menye Yudatɔwo o la se nya sia la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Mawu ƒe nya la. Ale ame geɖe siwo Mawu tia ɖi na agbe mavɔ la xɔe se. 49Tete Aƒetɔ la ƒe nya la kaka ɖe nuto ma katã me. 50Ke Yudatɔwo na nyɔnu bubume siwo vɔ̃a Mawu la kple dumegãwo tso ɖe Paulo kple Barnaba ŋu. Woti wo yome, henya wo dzoe le woƒe nutoa me. 51#Mat 10.14; Mar 6.11; Luk 9.5; 10.11. Paulo kple Barnaba ʋuʋu ke le afɔ tsɔ fia be yewotsi tre ɖe ameawo ƒe nuwɔna ŋu, eye wodzo yi Ikonio. 52Nusrɔ̃la siwo le afi ma la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo taŋ.

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in