Bible App logo
Search Icon

Samuel II 5

5
David va zu fia ɖe Israel kple Yuda dzi
(Kron I, 11.1-9; 14.1-7)
1Azɔ la, Israel-toawo katã va David gbɔ le Xebron, eye wogblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔ wò ƒu kple lã míenye. 2Tsã esime Saul nye fia ɖe Israel nu gɔ̃ hã la, wò koe kplɔa Israel-dukɔa doa goe gakplɔnɛ gbɔnae, eye Aƒetɔ do ŋugbe na wò be wòe gbɔna dukɔ sia kplɔ ge anye amegã ɖe edzi.” 3Ale Israel-me tsitsiawo katã va fia David gbɔ le Xebron. Ebla nu kpli wo le Aƒetɔ ŋkume le Xebron, eye wosi ami nɛ wòzu fia ɖe Israel nu. 4#Fia I, 2.11; Kron I, 3.4; 29.27.David xɔ ƒe bla etɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu dzi ƒe bla ene. 5Enɔ Xebron ɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adrẽ ɣleti ade, eye wòva nɔ Yerusalem ɖu fia ɖe Israel blibo la kple Yuda dzi ƒe bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
6 # Yos 15.63; Ɖel 1.21. Fia David kple eƒe amewo tso ɖe Yebusitɔwo ŋu, eye woho yi Yerusalem be yewoaɖaxɔ dua le Yebusitɔwo si. Yebusitɔwo bu be David mate ŋu axɔe o. Wogblɔ nɛ be: “Màte ŋu aɖo afɔ afi sia akpɔ o; ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo koe axe mɔ na wò.” 7Ke David xɔ Zion-mɔ́ la, eye wotrɔ ŋkɔ nɛ be “David ƒe du.” 8David gblɔ na eƒe amewo gbe ma gbe be: “Melé fu Yebusitɔwo vevie. Ke hã, ne ame aɖe be yelé fu wo wum la, neto tsiʋu la me ne wòawu wo akpe ɖe ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo ŋu.” Eya ta wogblɔna be: “Ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo megava Aƒetɔ ƒeme o.” #5.8 8 lia Kpukpui 8 lia me nyawo me mekɔ nyuie le Hebri-gbe me o. 9David nɔ mɔ́ la me eye wòna ŋkɔe be “David ƒe du.” Eɖo gli ƒo xlãe godoo va kpe tso Milo-tonyigba gome. 10David nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi elabe Aƒetɔ, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la li kplii.
11Fia Xiram tso Tiro ɖo amewo kple sedertiwo ɖe David, eye wòna atikpalawo kple xɔtulawo hã le wo dome be woatu fiasã na David. 12David dze sii azɔ be Aƒetɔ ye ɖo ye, be yeaɖu Israel dzi eya tae wòna yeƒe fiaɖuɖu la le dzidzedze kpɔm, le eƒe dukɔ Israel ta.
13Esi David tso Xebron va Yerusalem la, egaɖo ahiãviwo eye wògaɖe srɔ̃ bubuwo hã. Woawo hã gadzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo nɛ. 14Vi siwo wodzi nɛ le Yerusalem la ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Salomo, 15Yibxar, Elisua, Nefeg, Yafia, 16Elisama, Elyada kple Elifelet.
David ɖu Filistitɔwo dzi
(Kron I, 14.8-17)
17Filistitɔwo se be woɖo David fia ɖe Israel nu, ale wo katã woho yi be yewoaɖadii alé. Esi David see la, eyi ɖe mɔ́ la me. 18Filistitɔwo va Refaim-bali la me, eye wokaka ɖe teƒea. 19David bia Aƒetɔ be: “Maho yi ɖawɔ aʋa kpli woa? Àna maɖu wo dzia?”
Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Ho nàyi! Mana nàɖu wo dzi godoo.”
20Ale David yi Baal Perazim eye wòɖu Filistitɔwo dzi le afi ma. Egblɔ be: “Aƒetɔ dze nye futɔwo le ŋgɔnye abe tsiɖɔɖɔe ŋɔ agbo ene.” Eya ta wona ŋkɔ teƒe ma be Baal Perazim.#5.20 BAAL PERAZIM: Le Hebri-gbe me la, ŋkɔ sia gɔme nye “Aƒetɔ, nudzela.” 21Esi Filistitɔwo sí dzo la, wogblẽ woƒe legbaawo ɖe afi ma eye David kple eƒe amewo yi ɖafɔ wo dzoe.
22Ke Filistitɔwo gaho trɔ yi ɖe Refaim-bali la me, eye wokaka ɖe teƒea. 23David gabia gbe Aƒetɔ, eye wòɖo eŋu nɛ be: “Mègakpe wo o, ke boŋ to wo megbe nàyi ɖatu wo le klẽtiawo gbɔ lɔƒo. 24Ne èse zinyenye to klẽtiawo dome la, ekema wɔ kaba elabe madze ŋgɔwò be masi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la.” 25David zɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aɖaŋu la nu, eye wòɖu Filistitɔwo dzi, nyà wo tso Geba ʋuu va se ɖe Gezer.

Currently Selected:

Samuel II 5: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in