Samuel II 6
6
Wotsɔ nubablaɖaka la va Yerusalem
(Kron I, 13.1-14; 15.25—16.6, 43)
1David gaƒo kalẽtɔ siwo katã wòtia le Israel la nu ƒu; wole ame akpe bla etɔ̃. 2#Mos II, 25.22.Eya kple dukɔ blibo la dze mɔ yi Baal-Yuda bene woatsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la vɛ. Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkɔ le aɖaka la ŋu, eye eƒe fiazikpui le kerubiawo tame. 3#Sam I, 7.1, 2. Wokɔe tso Abinadab ƒeme le togbɛ aɖe dzi, eye wodae ɖe keke yeye dzi. Usa kple Axio, Abinadab viwoe nɔ kekea ŋu. 4Axio nɔ eŋgɔ, nɔ ehem eye Abinadab nɔ emegbe. 5David kple Israelviwo katã nɔ ha dzim, nɔ ɣe ɖum eye wonɔ dzidzɔ kpɔm ɖe saŋku kple kasaŋku, axatsɛ, nyawowoe kple gakogoe ƒe ɖiɖi dzi kple ŋusẽ le Aƒetɔ ŋkume.
6Esi wova ɖo Naxon ƒe lugbɔƒe la, nyiawo kli nu eye nubablaɖaka la de gege ge, eya ta Usa do asi ɖa lée. 7Ke Aƒetɔ Mawu la do dziku ɖe Usa ŋu, eye Mawu ƒoe ƒu anyi ɖe aɖaka la xa wòku. 8Eve David be Aƒetɔ he to na Usa nenema, eya ta wòna ŋkɔ teƒe ma be Perez Usa. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.
9Tete David nɔ Aƒetɔ vɔ̃m eye wògblɔ be: “Ale ke mawɔ atsɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka ayi gbɔnyee?” 10David megadi be woatsɔe ava ye gbɔ le Yerusalem o, eya ta ena wokɔe yi ɖada ɖe Obed-Edom gbɔ. Ŋutsu sia tso Gat-du me. 11#Kron I, 26.4, 5. Aɖaka la nɔ Obed-Edom ƒeme ɣleti etɔ̃, eye Aƒetɔ ƒe yayra nɔ Obed-Edom kple eƒe aƒe blibo la dzi.
12Fia David se be Aƒetɔ yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le aɖaka la ta, eya ta eyi ɖakɔ aɖaka la tso Obed-Edom ƒeme va Yerusalem kple aseyetsotso. 13Ne aɖakaa tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, David nana be wotɔna ɖi eye wòtsɔa nyitsu kple nyivi dami saa vɔe. 14David sa aklala ko ɖe ali eye wònɔ ɣe ɖum kple ŋusẽ katã be yeatsɔ de bubu Aƒetɔ ŋu. 15Ale eya kple Israelviwo katã le aseye tsom, le kpẽ kum dzidzɔtɔe hetsɔ aɖaka la va Yerusalem.
16Esi wotsɔ aɖaka la ge ɖe Yerusalem-dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu nɔ fesre nu kpɔ David wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Aƒetɔ ŋkume, eye wòɖu fewu le eŋu le dzime. 17Wotsɔ aɖaka la va da ɖe agbadɔ si David tu nɛ be wòanye enɔƒe la me. Eyome David sa numemevɔ kple ŋutifafavɔ na Aƒetɔ. 18Esi wòsa vɔawo vɔ la, eyra dukɔ la le Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la, ŋkɔ me 19#Kron I, 16.43.eye wòma nuɖuɖu na ame sia ame. Ŋutsu ɖe sia ɖe kple nyɔnu ɖe sia ɖe le Israel xɔ abolo ɖeka, lã memee kɔ ɖeka kple waintsetse ƒuƒu bolo ɖeka. Eyome ame sia ame yi eƒeme.
20Emegbe, esi David yi aƒeme be yeado gbe na ye ƒemetɔwo la, Mixal do va kpee gblɔ be: “Egbe Israel-fia ɖe bubu eɖokui ŋu menye fefe o. Ɖeko wònɔ nu klom le eɖokui ŋu le eteviwo ƒe nyɔnudɔlawo ŋkume, abe ale si yakamewo wɔna ŋukpe manɔmee ene.” 21David ɖo eŋu nɛ be: “Ɖe meɖu ɣea be made bubu Aƒetɔ ŋu. Eyae tiam be manye eƒe dukɔ Israel ƒe amegã elabe nye nu nyo eŋu wu tɔ́wò kple eƒe ƒomea katã tɔ. Nyemadzudzɔ dzidzɔkpɔkpɔ le eŋkume akpɔ o, 22ke boŋ magaɖi gbɔ ɖokuinye ɖe dzi wu esia, eye nyemaɖi naneke le ŋkuwò me o; gake le dɔlanyɔnu siwo ƒe nya nègblɔ gome la, woade bubu ŋunye!”#6.22: “WÒ”, “NYE”: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe be “wò”, ke wogblɔ le Hebri-gbe me be “nye.”
23Mixal, Saul vinyɔnu tsi ko eye medzi vi kpɔ o va se ɖe eƒe kugbe.
Currently Selected:
Samuel II 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.