Samuel II 4
4
Wowu Isboset
1Esi Isboset, Saul vi, se be Abner ku le Xebron la, vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ eye dzidzi ƒo Israel-dukɔ blibo la. 2Adzohakplɔla eve le Isboset si siwo ƒe ŋkɔwoe nye Baana kple Rexab. Wonye Rimon, Beerotetɔ viwo tso Benyamin-to la me. Wobua Beerot hã kpena ɖe Benyamin ŋu. 3Beerotetɔ ŋutɔŋutɔwo sí yi Gitaim, eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.
4 #
Sam II, 9.3. Saul ƒe dzidzimevi bubu hãe nye Mefiboset, Yonatan vi. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan. Esi du tso Yezreel va be woku la, ame si nɔ enyim la kɔe kpa hesí kplii. Etsi dzi ŋutɔ esime wònɔ sísim. Ale ɖevia ge eye eƒe atawo tu.
5Rexab kple Baana tso dze mɔ eye wova Isboset ƒeme le ŋdɔ me, esime wònɔ ŋdɔlɔ̃ dɔm. 6Alɔ̃ nɔ nyɔnu si le mɔa nu la tsɔm esime wònɔ lu gbɔm eye wòdɔ alɔ̃. Ale Rexab kple nɔvia Baana to eŋu dzaa ge ɖe eme. 7Esi woge ɖe aƒea me la, woyi ɖe Isboset ƒe xɔgãme, afi si wòmlɔ anyi ɖo dɔ alɔ̃ klenee. Wowui, tso eƒe ta tsɔ dzoe eye wozɔ mɔ zã blibo la to Yordan-bali me. 8Wova ɖo Xebron eye wotsɔ ta la vɛ na fia David gblɔ nɛ be: “Isboset, Saul vi, wò futɔ si le wò ku dim ƒe tae nye esi. Míaƒe fia bubutɔ, egbe la Aƒetɔ bia hlɔ̃ Saul kple eƒe dzidzimeviwo na wò.”#4.8: “Wova…: Kpukpui 6 lia kplɔ gɔmeɖeɖe xoxo aɖe ɖo. Wogblɔ le Hebri-gbe me be “Wova aƒea me be yewoatsɔ lu, eye woda nu dɔme nɛ. Tete Rexab kple nɔvia Baana sí dzo.”
9David ɖo eŋu na wo be: “Metà Aƒetɔ si le agbe eye wòɖem tso ŋɔdzinuwo katã me! 10#Sam II, 1.1-16.Esime aɖe va gblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa, Saul ku!’ eye wòbu be du nyui aɖee yexɔ vɛ nam la, melée hewui le Ziklag, wònye fetu nɛ ɖe du si wòxɔ vɛ la ta. 11Ale ke wɔ ne ame vɔ̃ɖiwo wu ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ƒe aƒeme, le aƒe aba dzi la, nyemabia eƒe ʋu tso mia si me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi wu o?” 12Tete David ɖe gbe na ɖekakpuiawo eye wowu wo. Wolã woƒe asi kple afɔ le wo ŋu ɖaku nu ɖe tá to le Xebron. Ke wotsɔ Isboset ƒe ta yi ɖaɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.
Currently Selected:
Samuel II 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.