YouVersion Logo
Search Icon

Romatɔwo 6

6
Ŋutikɔklɔ kple toɖoɖo yeye nye dzɔdzɔenyenye tso xɔse me ƒe kutsetsewo.
1Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia? 2Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã? 3Alo ɖe mienyɛ bena, mí amesiwo katã wode mawutsi ta na ɖe Kristo Yesu me la, ɖe eƒe ku mee wode mawutsi ta na mí ɖo o mahã? 4Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me. 5Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me; 6esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o. 7Elabena amesi ke ku la, wotso afia nɛ, ɖee tso nuvɔ̃ me. 8Ke ne mia kple Kristo mieku la, miexɔe se bena, mia kplii mianɔ agbe hã; 9elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o. 10Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu. 11Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me. 12Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o. 13Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ? 14Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.
15Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe! 16Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã? 17Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la. 18Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe. 19Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye. 20Elabena esime mienye nye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, mievo tso dzɔdzɔenyenye si me. 21Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku. 22Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ. 23Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.

Currently Selected:

Romatɔwo 6: EWERV

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in