1
Romatɔwo 6:23
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.
Compare
Explore Romatɔwo 6:23
2
Romatɔwo 6:14
Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.
Explore Romatɔwo 6:14
3
Romatɔwo 6:4
Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.
Explore Romatɔwo 6:4
4
Romatɔwo 6:13
Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?
Explore Romatɔwo 6:13
5
Romatɔwo 6:6
esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o.
Explore Romatɔwo 6:6
6
Romatɔwo 6:11
Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokui ame kukuwo na nuvɔ̃ la, ke ame gbegbewo na Mawu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la me.
Explore Romatɔwo 6:11
7
Romatɔwo 6:1-2
Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia? Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã?
Explore Romatɔwo 6:1-2
8
Romatɔwo 6:16
Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?
Explore Romatɔwo 6:16
9
Romatɔwo 6:17-18
Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la. Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe.
Explore Romatɔwo 6:17-18