YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 2

2
Sabat
1Ale wowu dziƒo kple anyigba kple wo me nu gbogboawo katã nu enye si. 2Eye Mawu wu eƒe ɖo, si wòwɔ la nu le ŋkeke adreagbe, eye wòdzudzɔ le ŋkeke adreagbe tso eƒe do, siwo katã wòwɔ la me. 3Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.
Amegbetɔ le Paradiso.
4Esia nye dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawo le wo wɔwɔ me le ɣeyiɣi, si me Yehowa Mawu wo anyigba kple dziƒo. 5Ke gbemetia ɖeke mele anyigba dzi haɖe o, eye nu miemiea ɖeke medo ɖe gbe me haɖe o; elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba dzi haɖe o, eye ame meli ade anyigba la o. 6Eye afu do tso anyigba dzi, eye wònyɔ ɖe anyigba la katã ƒe ŋku me. 7Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe. 8Tete Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wotsɔ ame, si wòmè la, ɖo afima. 9Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina. 10Eye tɔsisia ɖe do tso Eden, be woade tsi abɔ la; eye tso afima wòdze ɖe alɔ ene me. 11Gbãtɔ ŋkɔ nye Pison; eƒo xlã Xawila-nyigba blibo la katã; afima sika le; 12eye anyigba sia ƒe sika nyo ŋutɔ; afima bedolax- kple soham-kpe hã le. 13Tɔsisi evelia ŋkɔ nye Gixon; eƒo xlã Kus-nyigba blibo la katã. 14Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔ nye Xidekel; esi to Asur ƒe ɣedzeƒe gome. Eye tɔsisi enelia nye Frat. 15Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eɖen-bɔ me, be woaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.
Mawu fe sedede.
16Eye Yehowa Mawu de se na ame gblɔ bena: Ɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; 17ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku. 18Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ. 19Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ. 20Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o.
Nyɔnuwɔwɔ.
21Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe. 22Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe. 23Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe. 24Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka. 25Eye wo kpakple eve la wole ƒeƒle, ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.

Currently Selected:

Mose I 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy