YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 3

3
Nuvɔ̃ me dzedze.
1Ke da dze aye wu gbemelã, siwo katã Yehowa Mawu wɔ la, eye wògblɔ na nyɔnu la bena: Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetsea ɖeke o mahã? 2Nyɔnua ɖo ŋu na da la be: Míeɖua abɔmetiawo ƒe tsetse faa; 3ke Mawu gblɔ le ati, si le abɔa titina la ƒe tsetse ŋuti bena: Migaɖu eƒe ɖeke o, eye migaka asi eŋu hã o, be miagaku o! 4Eye da la gblɔ na nyɔnua bena: Miele kuku ge akpɔ o; 5ke boŋ Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃. 6Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu. 7Tete wo kpakple eve ƒe ŋkuwo ʋu, eye wodze sii bena, yewole amama, eye wòtɔ amagbawo hesa ɖe ali.
8Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te. 9Tete Yehowa Mawu yɔ amea gblɔ nɛ bena: Afika nèle? 10Eɖo ŋu nɛ bena: Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye meva; elabena mele amama, eye meɣla ɖokuinye. 11Egblɔ be: Ameka toe na wò be, amamae nèle? Alo ɖe nèɖu ati, si ŋuti meɖe se na wò be, megaɖu eƒe ɖeke o la ƒe ɖe mahã? 12Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu. 13Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu ne be: Da lae blem, eye meɖui.
Fiƒode kple ŋugbedodo gbãtɔ.
14Eye Yehowa Mawu gblɔ na da la bena: Esi nèwɔ alea la, eyata woaƒo fi ade wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome: Wò ƒodo dzi nazɔ, eye ʋuʋudedie naɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me! 15Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ. 16Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò. 17Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. 18Ŋu kple aŋɔka amie na wò, eye naɖu anyigba dzi amagbewo! 19Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!
20Eye ame la tsɔ ŋkɔ na srɔ̃a bena Xawa, elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada. 21Eye Yehowa Mawu tsɔ lãgbalẽwu do na Adam kple srɔ̃a. 22Eye Yehowa Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ. Ke be wòagaɖo asi ɖa agbe agbetia hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe ɖoɖoɖo o la, 23Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe. 24Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.

Currently Selected:

Mose I 3: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy