YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 1

1
Xexemewɔwɔ
1Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba. 2Ke anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu, eye viviti do ɖe tsi gbana la ŋku me, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.
3Eye Mawu gblɔ be: Kekeli nedo! Eye kekeli do. 4Eye Mawu kpɔ kekelia bena enyo. Eye Mawu ma kekeli la kple viviti la dome. 5Mawu yɔ kekeli la be ŋkeke; ke viviti la eyɔe be zã. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke gbãtɔ.
6Eye Mawu gblɔ be: Alili nenɔ tsia titina, be wòanye dometsonu anɔ tsi kple tsi dome! 7Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema. 8Eye Mawu yɔ alilia be dziƒo. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke evelia. 9Eye Mawu gblɔ be: Tsi, si le dziƒoa te la, neƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka, bena ƒuƒuiƒe nadze! Eye wòva me nenema. 10Mawu yɔ ƒuƒuiƒe la be anyigba, ke tsi ƒoƒua la eyɔe be atsiaƒu. Eye Mawu kpo bena enyo. 11Eye Mawu gblɔ be: Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe, esiwo me ku le, le anyigba la dzi. Eye wòva me nenema. 12Anyigba mie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku wo tɔ wo tɔwoe, kple ati, siwo tsena, siwo me ku le, wo tɔ wo tɔwoe. Eye Mawu kpo bena enyo. 13Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke etɔ̃lia.
14Eye Mawu gblɔ be: Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo, 15eye woanye nu keklẽwo anɔ dziƒolilia ŋu, bene woaklẽ ɖe anyigba dzi! Eye wòva me nenem. 16Tete Mawu wɔ nu keklẽ gã eveawo. Ewɔ gãtɔ, bena woaɖu ŋkeke dzi, kple suetɔ, bena woaɖu zã dzi, hekpe ɖe ɣletiviwo ŋu. 17Eye Mawu tsɔ wo ɖo dziƒolilia ŋu, bena woaklẽ ɖe anyigba dzi, 18woaɖu ŋkeke kple zã dzi, eye woamã kekeli kple viviti dome. Eye Mawu kpɔ bena enyo. 19Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke enelia.
20Tete Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo neƒu tsi le tsia me, eye xe dzodzoewo nedzo le ya me le dziƒolilia ƒe ŋku me. 21Eye Mawu wo ƒumelã klitsuwo kple nu gbagbe, siwo katã tana, eye woʋãna le tsia me, hamehame, kple xe, siwo katã dzona. Eye Mawu kpo bena enyo. 22Eye Mawu yra wo gblɔ bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ atsiaƒutsia me, eye xe dzodzoeawo nasɔ gbã le anyigba dzi! 23Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke atɔ̃lia.
24Eye Mawu gblɔ bena: Nu gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame! 25Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo.
Mawu wɔ ame le eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu.
26Eye Mawu gblɔ be: Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, woaɖi mí, eye wòaɖu ƒumelãwo, dziƒoxe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã kpakple lã, siwo katã tana le anyigba dzi la dzi! 27Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. 28Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi! 29Eye Mawu gblɔ be: Kpɔ ɖa, metsɔ nu miemie tseku, siwo katã le anyigba blibo la dzi, kple ati, siwo katã tsena, siwo me ku le la, na mi, bena woanye nuɖuɖu na mi; 30ke gbewo kple amagbewo katã nanye nuɖuɖu na anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana, siwo me agbe le, le anyigba dzi. Eye wòva me nenema. 31Eye Mawu kpo nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonye ŋutɔ. Ale zã do, eye ŋu ke, eya nye ŋkeke adelia.

Currently Selected:

Mose I 1: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy