2 Mose 36
36
1Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
2Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. 3Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.
4Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. 5Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” 6Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, 7elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la.
Agbadɔ la
8Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. 9Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. 10Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. 11Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. 12Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. 13Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. 14Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. 15Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. 16Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. 17Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, 18eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu.
19Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
20Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. 21Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. 22Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. 23Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. 24Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. 25Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. 26Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. 27Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. 28Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 29Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. 30Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te.
31Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, 32atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 33Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. 34Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo.
35Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 36Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi.
37Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. 38Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.
Currently Selected:
2 Mose 36: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.