2 Mose 37
37
Nubablaɖaka la
1Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. 2Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo. 3Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. 4Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu, 5eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ.
6Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. 7Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo. 8Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. 9Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi.
Kplɔ̃ la
10Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. 11Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. 12Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. 13Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. 14Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. 15Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti. 16Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa.
Akaɖiti la
17Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka. 18Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã. 19Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu. 20Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. 21Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. 22Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. 23Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu. 24Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe.
Dzudzɔdovɔsamlekpui la
25Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. 26Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika. 27Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ. 28Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu.
29Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.
Currently Selected:
2 Mose 37: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.